Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Wonye Magazinewo na Míaƒe Ɣeyiɣi Kpata Sia!
1 Nudzɔdzɔ dovoɖinamewo le dzɔdzɔm le xexeame le Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava me! Ne míede ŋugble le nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame, kple le teokrasihabɔbɔa me ŋu la, míakpɔ alesi wòhiã kpata be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti “nyanyui” lae adze sii. (Mar. 13:10) Esia tae wòle be míayi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi kple dzonɔameme le April me.
2 Dɔ tɔxɛ si míawɔ le ɣleti sia me te gbe ɖe míaƒe gbedasia ƒe vevienyenye dzi. Míetsɔ didi vevie le mɔ kpɔm be woaɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya si míamã le April kple May me ɖe go. Be woade dzo mía me ɖe dɔ sia ŋu ahatu ɖetsɔleme ɖo le míaƒe anyigbamamã me la, nya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi anɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me siwo ate gbe ɖe xexemenudzɔdzɔ ɖefunamewo ƒe gɔmesese dzi. Aleke míate ŋu adzra dzeɖonya si ana amewo natsɔ ɖe le magazineawo me ɖoe?
3 Anɔ eme be àte ŋu atrɔ asi le dzeɖonya nyuiwo ŋu to afɔɖeɖe vevi siawo wɔwɔ me: (1) Tia nyati aɖe si nèkpɔ be adzɔ dzi na miaƒe nutoa me tɔwo le magazineawo dometɔ ɖeka me. (2) Di nya alo mawunyakpukpui aɖe si woŋlɔ ɖe nyati sia me, si nèkpɔ be anyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme. (3) Dzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo, si me gbedoname, nyabiabia alo nyagbɔgblɔ aɖe si aɖe Ŋɔŋlɔawo me nya dodzidzɔname aɖe me le la ɖo, eye nàkpee xɔlɔ̃wɔwɔtɔe be wòaxɔ magazineawo. Abe alesi nàkpɔe ene la, esia wɔwɔ le bɔbɔe ŋutɔ eye mesesẽ o. Àte ŋu ayɔ gbeƒãɖela bubu si nèwɔa dɔ kple le gbeadzi mianɔ anyi adzra dzeɖonya aɖe ɖo.
4 Esi May 8 ƒe “Nyɔ!” fɔ biabia sia ɖe te be “Ŋkeke Mamleawoe Nye Esia?” ɖe te ta la, àte ŋu ato nyati si le tanya si nye “Ŋkeke Mamleawo” te le “Reasoning” ƒe agbalẽa ƒe axa 13 me. Àte ŋu adze egɔme be:
◼ “Míeva be míadzro nusita nu dziŋɔwo le dzɔdzɔm ƒo xlã mí me. Se nya si nyati sia gblɔ ɖa . . . ”
5 April 1 ƒe “Gbetakpɔxɔ” bia be: “Mawusubɔsubɔ—Ðe Mele be Woaƒo Nu tso Eŋu Oa?” Ne èle magazine la nam la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Wogblɔna zi geɖe be mawusubɔsubɔ nye nya si me mele be woadzro o elabena etɔtɔa ame akpa. Nukae nèbu tso nya ma ŋu?” Emegbe trɔ ɖe nyatia me nya aɖe ŋu.
6 Ðewohĩ ànɔ April 15 ƒe “Gbetakpɔxɔ” ƒe tanya si nye “Ðe Woate Ŋu Ake Ðe Mawusubɔsubɔ me Nyateƒe Ŋua?” zãm. Ðewohĩ woaɖo to wò nyuie ne èzã ŋgɔdonya sia:
◼ “Le esi subɔsubɔha geɖe li egbea ta la, ame aɖewo bua eŋu ne woate ŋu ake ɖe mawusubɔsubɔ me nyateƒe ŋu. Nyati sia ɖe mɔ aɖe si dzi mía kpli wò míato akpɔ ŋuɖoɖo nyui na biabia sia la fia. . . . ”
7 Nukata màto wò dzeɖonya me kple gbeƒãɖela bubu be wòamã wò nyuie hafi nàyi gbeadzi o? Miaɖo aɖaŋu nyuiwo na mia nɔewo godoo siwo ana miabi ɖe edzi eye wòana dzideƒo geɖe wu mi.
8 Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, mina míatsɔ afɔ ɖe dɔa ŋu be míakpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu woado le Babilon Gã la me. (Nyaɖ. 18:4) Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! wɔa akpa vevi aɖe le dɔa sia si womagawɔ akpɔ o la me. Míeda akpe be Yehowa tsɔ dɔwɔnu nyui siawo na mí be míazã!