Nyabiaɖaka
◼ Aleke míawɔ aɖo nya ŋu nyuie wu le kpekpewo me?
Míekpɔa mɔ vevie be míakpe ɖekae le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe hame kpekpewo me. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si le afima be míaɖe míaƒe xɔse agblɔ ahade dzi ƒo na ame bubuwo to nyaŋuɖoɖo me. (Lod. 20:15; Heb. 10:23, 24) Ele be míabu nyaŋuɖoɖo be enye mɔnukpɔkpɔ eye míadze agbagba aɖo nya ŋu edziedzi. Aleke míate ŋu awɔ esia nyuie wu?
Dzadzraɖoe nye afɔɖeɖe gbãtɔ. Nyatiawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu do ŋgɔ le vevie. Dze agbagba nàkpɔ gɔmesese si tututu le nya si gblɔm wole ŋu. Togbɔ be ɖewohĩ woadzro nyaa me kpɔ hã la, di nya vevi siwo wogakeke ɖe enu alo siwo me wogaɖe nyuie wu la le nya si gblɔm wole me. Nuƒo bliboa ƒe tanya nenɔ susu me na wò. Ne èle dzadzraɖo wɔm le nya siwo ŋu nàɖo ŋu tso agbalẽ siwo ku ɖe Biblia-gbalẽ aɖe sɔsrɔ̃ tsitotsito, abe Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ene ŋu la, dze agbagba nàkpɔ ƒomedodo si le mawunyakpukpui aɖe kple bubu siwo ƒo xlãe dome adze sii. Aɖaŋuɖoɖo siawo ŋudɔwɔwɔ adzi wò tamebubu ƒe ŋutete ɖe edzi. Akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ŋuɖoɖo nyuiwo ɖo eye dzi adzɔ wò ne èkpɔ gome le eme.
Ŋuɖoɖo nyuitɔwo nɔa kpuie, wo me kɔna, eye wotsoa agbalẽ si srɔ̃m wole me. Ele be nyaŋuɖola gbãtɔ naɖo nyaa ŋu tẽ, agblẽ nya vevi bubuwo ɖi ame bubuwo hã nagblɔ. Tsri nyaŋuɖoɖo legbee siwo gblẽa ɣeyiɣi hexea mɔ na ame bubuwo ƒe gomekpɔkpɔ le eme la. Ðo eŋu le wò ŋutɔ wo nyagbewo me tsɔ wu be nàxlẽ nya ɖesiaɖe tso agbalẽa me. Numeɖeɖe bubuwo ate ŋu anye nya vevi siwo le mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe eme la me. Ðo to nàse nya siwo ame bubuwo gblɔ la nyuie bene magagblɔ nya mawo ke esi mehiã hafi o.
Enyo be nàdo asi ɖe dzi zi geɖe, gake menye le memamã ɖesiaɖe me o. Míeyɔa ɖeviwo be woawo hã naɖo nya ŋu. Ne èhena ɖe megbe le nyaŋuɖoɖo me la, àte ŋu ayɔ memamã si ŋu nàdi be yeaɖo la na nusɔsrɔ̃dzikpla la do ŋgɔ, eye anɔ eme be ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔa wò nàɖo eŋu.
Ele be mí katã míadze agbagba akpɔ nya aɖe agblɔ le hame kpekpe siwo me nyaselawo akpɔ gome le la me. Miɖo ŋku edzi be kpekpe siawo tɔgbe ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe míaƒe didi faa be míaɖo nya ŋu nyuie la dzi ŋutɔ.—Ps. 26:12.