INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/95 axa 1
  • “Minɔ Ŋudzɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Ŋudzɔ”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be ‘Míanɔ Ŋudzɔ’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Minɔ Mo Xexi, Minɔ Ŋudzɔ!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • “Minɔ Ŋudzɔ”—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Srɔ̃ Ŋudzɔnɔnɔ Tso Yesu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 7/95 axa 1

“Minɔ Ŋudzɔ”

1 Esime Yesu gogo eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake lae wògblɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 26:38-41. Eyae ava nye ɣeyiɣi vevitɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me. Ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu nyae nɔ to me. Ehiã be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ‘nanɔ ŋudzɔ.’

2 Egbea míele ɣeyiɣi si me Yesu ava be wòanye ameɖela kple ametsrɔ̃la la ƒe agbo nu tututu. Esi míenye Kristotɔ nɔŋudzɔ siwo kpɔ alesi ɣeyiɣia bia nuwɔwɔ kpatae ta la, míeli ko de asi asitɛ me be ɖeɖekpɔkpɔa neva o. Míenya be ele be míanɔ dzadzraɖoɖi ɣeawokatãɣi. Ele vevie be ‘míadze agbagba awɔ dɔ sesĩe’ le míaƒe subɔsubɔdɔa me na Yehowa. (Tim. I, 4:10) Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Ðe míele ŋudzɔa?

3 Mía Ðokui Me Dzodzro: Yesu gaxlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie.” (Luka 21:34, 35) Ele be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie akpɔ egbɔ be “míazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo . . . le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina.” (Fil. 2:15) Ðe míenɔa agbe abe Kristotɔwo ene gbesiagbe, srɔ̃a Yesu hezɔna ɖe gɔmeɖose siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me dzia? Ele be míatsri nɔnɔme siwo medze Kristotɔwo o siwo nye xexeme “si le vɔ̃ɖitɔ la me” ƒe nɔnɔme la. (Yoh. I, 5:19; Rom. 13:11-14) Ne míetsɔ Ŋɔŋlɔawo do mía ɖokui kpɔe la, ɖe míele ŋudzɔ nyateƒe abe alesi Yesu xlɔ̃ nui enea?

4 Ele be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ awɔ woƒe dɔdasiwo le hamea me memie, elabena woana akɔnta le alesi wokpɔ alẽha la tae ŋuti. (Heb. 13:17) Agba tɔxɛ le ƒome ƒe tawo dzi be woakplɔ woƒe ƒomewo to Yehowa ƒe mɔwo dzi. (Mose I, 18:19; Yos. 24:15; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 3:4, 5.) Azɔ hã aleke wòhele vevie enye si be mí katã míawɔ ɖe se si wode le Ŋɔŋlɔawo me be míalɔ̃ mía nɔewo la dzi! Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesie wònye.—Yoh. 13:35.

5 Nɔ Ŋudzɔ Nàxlɔ̃ Nu Ame Bubuwo: Ŋudzɔnɔnɔ bia nu geɖe wu mía ŋutɔ mía ɖokui dzi kpɔkpɔ nyuie ko. Wode dɔ asi na mí be míawɔ ame bubuwo nusrɔ̃lawoe. (Mat. 28:19, 20) Ele be havilɔlɔ̃ naʋã mí be míaxlɔ̃ nu ame bubuwo bene woatsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si dze ŋgɔ xexe sia la me. Agba sia le Kristotɔwo katã dzi. Míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖee wònye. (Rom. 10:9, 10; Kor. I, 9:16) Míedoa go fuléle kple tsitretsiɖeŋu sesẽwo le agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ me zi geɖe. Míaƒe dɔe wònye be míanɔ ewɔwɔ dzi, ne ame akpa gãtɔ do toku míaƒe nuxlɔ̃amea gɔ̃ hã. (Xez. 33:8, 9) Lɔlɔ̃ vavãtɔ na Mawu kple mía haviwo aʋã mí be míayi dɔa dzi.

6 Menye ƒomewɔɣie nye sia o. Mele be míaɖe mɔ gbesiagbe agbemedzimaɖitsitsiwo nahe míaƒe susu alo míaƒo mía ɖokui ɖe nuɖoanyi sia ƒe agbeɖuɖu me vĩ ale gbegbe be wòazu mɔ̃ aɖe mí o. (Luka 21:34, 35) Ne nuwɔwɔ kpata hiã le agbe me kpɔ la, ke fifiae wòhiã wu. Ɣeyiɣi si Yesu Kristo ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzii la le aƒe tum kabakaba. Amesiwo le moxexi, le ŋudzɔ, hele dzadzraɖoɖi koe atsi agbe. Dzidzɔ kae nye si wòanye na mí ne míewɔ ɖe Yesu ƒe nufiamewo dzi eye ‘míete ŋu si le nusiawo katã nu’!—Luka 21:36.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe