INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/96 axa 1
  • Míaƒe Adzɔgbeɖefewo Xexe Gbesiagbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Adzɔgbeɖefewo Xexe Gbesiagbe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • “Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Wɔwɔ Ðe Wò Srɔ̃ɖeɖe Me Atamkaka Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nuteƒewɔlawo Wɔa Woƒe Adzɔgbeɖeɖewo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 7/96 axa 1

Míaƒe Adzɔgbeɖefewo Xexe Gbesiagbe

1 Hakpala Dawid gblɔ tso eƒe dzime na Yehowa be: “Madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefe gbesiagbe.” (Ps. 61:8) Dawid nya be adzɔgbeɖeɖe nye nusi ame ŋutɔ atso eƒe dzime faa awɔ. Gake ekpɔe dze sii hã be ne yeɖe adzɔgbe la, enye agba le ye dzi be yeawɔ edzi. Ke hã ekafu Yehowa be enaa mɔnukpɔkpɔ ye be yeaxe yeƒe adzɔgbeɖefe gbesiagbe.

2 Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míelɔ̃ faa ka atam be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Míegbe nu le mía ɖokui gbɔ eye míetsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Luka 9:23) Eyata ele be míawo hã míaxe míaƒe adzɔgbeɖefe gbesiagbe. (Nyagb. 5:4-6) Ele be nyameʋuʋu si míewɔ le gaglãgbe le ɣeyiɣi si wona nyɔnyrɔ mí la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ blibo dzi, elebena míenya be ɖe “wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ.” (Rom. 10:10) Esia ku ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu. (Heb. 13:15) Nɔnɔme siwo me amewo le to vovo ŋutɔ, gake mí katã míate ŋu alé nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo ƒe vevienyenye ɖe susu me gbesiagbe.

3 Di Mɔnukpɔkpɔwo Nàɖe Gbeƒã Gbesiagbe: Nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubu aɖe nye nusi hea dzidzɔ vɛ. Be míawɔ esia gbesiagbe la, ele be míadi mɔnukpɔkpɔwo aɖe gbeƒã ɣesiaɣi si nɔnɔmewo aɖe mɔ. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo do tso eme na amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe vomeɖaseɖiɖi na amewo me le dɔwɔƒe alo suku kple na aƒelikawo alo ame bubu siwo wodoa goe gbesiagbe. Lɛta ŋɔŋlɔ alo kaƒoƒo na amewo gɔ̃ hã nye mɔnu siwo dzi míate ŋu ato aɖi ɖase. Esiawo katã wɔwɔ kpakple ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi ɣesiaɣi na gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme kple tɔtrɔyiwo wɔwɔ ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ manyagblɔ si tsoa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Ẽ, míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔwo gbesiagbe aɖe gbeƒã.

4 Nɔvinyɔnu aɖe nɔ Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe xlẽm le dɔ me le ɖiɖiɖemeɣiwo. Ekpe dɔwɔhati aɖe be wòaxlẽ ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia kpli ye, eye medidi o esia na wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnua. Wosrɔ̃a nu gaƒoƒo afã gbesiagbe, ŋkeke atɔ le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Dɔwɔhati bubu nɔa ŋku lém ɖe wo ŋu ne wole nua srɔ̃m gbesiagbe. Mlɔeba eɖe eɖokui fia be nɔvie yenye gake yegbɔdzɔ. Nɔvinyɔnua ƒe veviedodo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be eyi ɖakpɔ hamemegã aɖe be wòado ŋusẽ ye. Nɔvinyɔnu sia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame eve bubu dzi le esi wòxea eƒe adzɔgbeɖefe gbesiagbe ta.

5 Ne míaƒe dzi ʋã mí míekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo katã wɔm Yehowa le na mí ŋu la, ana míaƒe adzɔgbeɖefewo xexe alesi míate ŋui gbesiagbe ahe dzidzɔ kple dzidzeme geɖe vɛ na mí. Míate ŋu awɔ ɖeka kple hakpala la agblɔ be: “Makafu wò Aƒetɔ Mawu tso dzi blibo me, eye made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa.”—Ps. 86:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe