Nudzɔdzɔ Tsɔ Kpe Asi Ðe Habɔbɔa Ƒe Xexeame Katã Ƒe Dɔa Ŋu
Abe alesi wogblɔe ɖi le Yesaya 54:2, 3 ene la, Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la yi edzi le ta kekem ɖe edzi le anyigba dzi katã. Ele ta kekem le Afrika-nyigba la ƒe dukɔ vovovowo me kple ƒukpo siwo te ɖe eŋu hã dzi. Le ƒe ewo siwo va yi me la, woɖe mɔ siwo woxe ɖe Fiaɖuƒedɔa nu ɖa le teƒe siawo abe Angola, Cameroon, Equatorial Guinea, Ethiopia, Madagascar, Malawi, Mozambique, kple Togo ene. Wode dɔ asi na Gilead dutanyanyuigblɔla, Subɔsubɔdɔa ƒe Hehenasukua nuwula, Betel-ƒomea me tɔ, kple ame bubu geɖe le dukɔ siawo kple bubuwo me, afisiwo nukuwo ƒu ɖe agblea dzi le na ŋeŋe.—Mat. 9:37, 38.
Edze ƒã be tadeagula vavãwo ƒe dzidziɖedzi le Yehowa ƒe habɔbɔa me bia be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye alafa geɖewo. Ehiã hã be woawɔ ɖoɖo ɖe Takpexɔwo kple alɔdze yeyewo tutu alo wo keke ɖe enu ŋu. Gadede dɔ siawo me kple asikpekpe ɖe Fiaɖuƒedɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋu menye le Afrika ɖeɖeko o, ke boŋ le xexeame katã hã, xɔa ga si wodzɔna na Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ƒe gbogbo aɖe.
Foto kple nɔnɔmetata siwo le emedegbalẽ sia ƒe axa evea la ana nàkpɔ nusi Habɔbɔa le agbagba dzem be yeawɔ le Afrika la le susu me vie. Fotoawo dometɔ aɖewo nye xɔ siwo tum wole fifia alo xɔ siwo tutu gɔme woadze kpuie.
Ne miekpɔ subɔsubɔdɔa ƒe akɔntabubu si le 1996 Yearbook la me la, ana miakpɔ nusi gbeƒãɖela siwo le dukɔ mawo me le wɔwɔm le subɔsubɔdɔa me nyuie wu. Wokpɔ dzidziɖedzi wɔnukuwo le dukɔ geɖe me, eye mɔkpɔkpɔ si li be woagakpɔ geɖe wu la dze le Ŋkuɖodzia valawo ƒe agbɔsɔsɔ gã ɖedzesiwo me. Ne míeɖo ŋku edzi be nusi wole wɔwɔm la nye xexeame katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ƒe akpa aɖe le anyigba bubuwo dzi la, awɔ dɔ ɖe mía dzi míakpɔe adze sii be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míatsɔ míaƒe ŋutilãmenuwo akpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu.—Luka 16:9; Tim. I, 6:18.
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Fiaɖuƒe Akpata le KwaZulu-Natal nutome, South Africa, si wotu ŋkeke 9
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Fiaɖuƒe Akpata si tutu mexɔ ga fũ o le Nigeria
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Takpexɔ aɖe le Mozambique si me ame 1,500 ate ŋu anɔ, woawu enu le ƒe 1996 ƒe nuwuwu
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Mozambique ƒe alɔdzedɔwɔƒexɔwo, woaʋu va eme le ƒe 1996 ƒe dzomeŋɔli
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Sierra Leone ƒe alɔdzedɔwɔƒe, woɖoe be woawu enu le ƒe sia ƒe keleme
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Takpexɔ si ŋu womeɖo gli ɖo o le Mauritius, kpakple woƒe alɔdzedɔwɔƒe ƒe xɔwo, woawu nu le ƒe 1997 ƒe adame
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Zimbabwe ƒe alɔdzedɔwɔƒe si tum wole
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Takpexɔ si ŋu womeɖo gli ɖo o kple alɔdzedɔwɔƒe yeye si tum wole le Senegal
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Kenya ƒe alɔdzedɔwɔƒe yeye, le woƒe fiadu Nairobi me
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Madagascar ƒe alɔdzedɔwɔƒe si nu woawu kpuie
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Alɔdzedɔwɔƒexɔ siwo woɖo be woatu na Malawi