Nusrɔ̃viwo ƒe Susu Hehe Va Habɔbɔ si Ŋu Míaƒe Ŋkɔ Le Dzi
1 “Enye gbedasi si wogblɔna le gbegbɔgblɔ 200 kple edzivɔ me. Enye gbedasi si wosena le anyigba siwo wu 210 dzi. Enye gbedasi si wogblɔna le afisiafi si wokpɔa amewo le. Gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si wowɔ le xexeame kpɔ, gbedasi si le ame miliɔn geɖewo wɔm ɖekae le anyigba katã dzie. Wowɔ ɖoɖo Yehowa Ðasefowo le dɔ sia wɔm ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia!”
2 Nya mae wogblɔ tsɔ dze video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name gɔmee. Video la gaɖo biabia siwo gbɔna ŋu: Amekawo tututue nye Yehowa Ðasefowo? Ðoɖo kae le woƒe dɔa ŋu? Aleke wokpɔa edzii? Afikae wokpɔa ga tsonɛ? Ena ekpɔlawo sea egɔme be “wonaa hehe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa me tɔwo le xexeame katã be woakpe ɖe wo haviwo ŋu woaxɔ Biblia dzi ase,” eye edea dzi ƒo na wo be woa ŋutɔwo nakpɔ habɔbɔ si ŋu míaƒe ŋkɔ le. Esi nyɔnu aɖe si nɔ nu srɔ̃m kpɔ video sia vɔ la, etsɔ dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ be: “Aleke wɔ amesiame mate ŋu akpɔe be Mawu vavã, Yehowa, ƒe habɔbɔ enye esia o?”—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 14:24, 25.
3 Nyɔnu bubu aɖe hã srɔ̃a nu sẽ ko gatɔna ɣeyiɣi didi aɖe enye sia, gake esesẽna nɛ be wòaxɔe ase be Triniti nye aʋatsonufiafia. Ke woɖe video la eya kple srɔ̃a wokpɔ. Nukpɔkpɔa wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe eye wokpɔe zi gbɔ zi eve zã ma ke me. Esi wogava nu srɔ̃ ge kpli wo la, nyɔnua gblɔ be yedi be yeazu Ðasefo. Egblɔ be Triniti dzixɔsea dzi koe yeƒe susu katã le eye yedo kpo ŋkuléle ɖe míaƒe habɔbɔa kple amesiwo le eme ŋu. Ekpɔe dze sii le video la me be yeke ɖe Mawu ƒe habɔbɔ vavãtɔ la ŋu. Edi be yeadze gbeƒãɖeɖe gɔme tso aƒeme yi aƒeme enumake. Esi wogblɔ afɔɖeɖe siwo hiã wòawɔ hafi azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ nɛ la, egblɔ be: “Mina míatso ɖe eŋu enumake.” Edo le ha si me wònɔ me eye wòdze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme heva bi ɖe Triniti nufiafia ƒe alakpanyenye me ɖeɖe me.
4 Wode dzesii kɔte be ne Biblia-nusrɔ̃viwo nya Yehowa ƒe habɔbɔa hele ha dem kplii la, wowɔa ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me nyuie wu eye wotsina kabakaba. Edze ƒã be esi ame 3,000 xɔ nyɔnyrɔ le Pentekoste dzi megbe la, “wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ . . . me.” (Dɔw. 2:42) Ele vevie be míakpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woawɔ nenema ke egbea. Aleke míawɔe?
5 Xɔ Agbanɔamedzia Tsɔ: Ele be amesiame si wɔa nusrɔ̃la la nanya be yeƒe agbanɔamedzie wònye be yeahe Biblia-nusrɔ̃vi ƒe susu ava Mawu ƒe habɔbɔa dzii. (Tim. I, 4:16) Ele be míabu nusrɔ̃ɣi ɖesiaɖe be enye afɔɖeɖe yi dzidzɔŋkeke si dzi ame yeyea axɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me wòanye eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi la gbɔ. Nya siwo woabiae le nyɔnyrɔxɔwɔnawo me dometɔ ɖekae nye: “Ðe nèse egɔme be wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ de dzesi wò be ènye Yehowa Ðasefo le hadede me kple habɔbɔ si Mawu ƒe gbɔgbɔ le mɔ fiam la?” Eyata ele vevie be wòanya be yemate ŋu asubɔ Mawu ne yemedea ha kple Kristo-hame vavãtɔ la ɣesiaɣi o.—Mat. 24:45-47; Yoh. 6:68; Kor. II, 5:20.
6 Yi edzi nàna nusrɔ̃via nanya nu tso miaƒe hamea kple dukɔwo dome habɔbɔ si Yehowa Ðasefowo nye ŋu. Na wòanya esia le Biblia-nusrɔ̃ɣi ɖesiaɖe me, tso gbãtɔ dzi. Kpe nusrɔ̃via tso gɔmedzedzea ke be wòava kpekpewo, eye yi edzi nànɔ ekpem.—Nyaɖ. 22:17.
7 Zã Dɔwɔnu Siwo Wona Mí: Agbalẽ nyuitɔwo kekeake siwo míatsɔ awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃woe nye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? kple agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Evea siaa te gbe ɖe hadede kple hamea ƒe vevienyenye dzi. Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe Nusɔsrɔ̃ 5 lia gblɔ le eƒe nuwuwu be: “Ehiã be nàyi edzi asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahawɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi. Kpekpewo dede le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nenema.” Sidzedze-gbalẽa de dzi ƒo na nusrɔ̃via enuenu be wòade kpekpewo. Ta 5 memamã 22 na amekpekpe sia be: “Yehowa Ðasefowo le . . . dzi dem ƒo na wò lɔlɔ̃tɔe be nàva wɔ ɖeka kple yewo ne yewoade ta agu na Mawu ‘le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Yoh. 4:24)” Ta 12 memamã 16 gblɔ be: “Esi nèle nusɔsrɔ̃ sia dzi yim eye nèɖoe be yeanɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem la, ŋusẽ agaɖo wò xɔse ŋu ɖe edzi.” Ta 16 memamã 20 gblɔ be: “Na wòanye wò numãme be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo.” Egagblɔ be: “Esia akpe ɖe ŋuwò be nàse sidzedze Mawu gɔme eye nàtsɔe awɔ dɔe le wò agbenɔnɔ me eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ. Xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me nɔnɔ akpe ɖe ŋuwò be mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli.” Ta 17 dzro alesi woanɔ dedie le Mawu ƒe amewo dome la tsitotsito. Ne míele nu srɔ̃m kple amewo la, enye míaƒe agbanɔamedzi be míate gbe ɖe nyatia ƒe akpa siawo dzi.
8 Agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã nye dɔwɔnu nyui aɖe si wota be wòana amewo nanya habɔbɔ ɖeka kolia si wokpɔna si zãm Yehowa le egbea be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Nya siwo wògblɔ tsitotsito le míaƒe subɔsubɔdɔa, kpekpewo, kple habɔbɔa ŋu la ade dzi ƒo na exlẽla be wòade ha kpli mí míasubɔ Mawu. Wokafui be ne míeɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi ko la, míatsɔ agbalẽ gbadza sia ɖeka ana nusrɔ̃via be wòaxlẽ le eɖokui si. Mehiã be míasrɔ̃e kplii abe alesi míewɔe va yi ene o.
9 Video siwo Habɔbɔa wɔ dometɔ aɖewo nye dɔwɔnu nyui ŋutɔŋutɔ siwo míatsɔ ahe nusrɔ̃viwo ƒe susu va habɔbɔ si ŋu míaƒe ŋkɔ le dzi. Anyo be woakpɔ (1) The New World Society in Action, si nye ƒe 1954 me fotoɖeɖefia si wogbugbɔ gaɖe si ku ɖe dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ kple lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si Yehowa ƒe habɔbɔa tsɔ le dɔ wɔmee ŋu; (2) United by Divine Teaching si ɖe ŋutifafa ƒe ɖekawɔwɔ si le nɔviwo dome si dze le dukɔwo dome takpekpe siwo wowɔ le Ɣedzeƒe Europa, Anyiehe Amerika, Afrika, kple Asia fia la; (3) To the Ends of the Earth si ɖe Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku ƒe ƒe 50 xɔxɔ kple dɔ si dutanyanyuigblɔlawo wɔ le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me fia; (4) Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault si gblɔ Ðasefowo ƒe dzideƒo kple aʋadziɖuɖu le yometiti si Hitler he va wo dzi anyratɔe me ŋutinya wɔdɔɖeamedzi la; kple (5) Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name hã.
10 Nɔ Taɖodzinuwo Ðom ɖe Kpekpewo Dede Ŋu: Ele be míaɖe eme na nusrɔ̃viwo be ehiã be woafia nu mí le aƒeme abe alesi míewɔnɛ le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ me ene kple le sukuxɔ me numedzodzro si míewɔna le hame kpekpewo me. (Yoh. 6:45) Ehiã be ame yeyea nayi ŋgɔ le eƒe Ŋɔŋlɔawo kple habɔbɔa nyanya siaa me. Esia ta naneke meli woatsɔ aɖo kpekpewo dede teƒe o. (Heb. 10:23-25) Dze egɔme enumake nàkpe nusrɔ̃via va hame ƒe kpekpewoe. Ðetsɔlemetɔ yeye aɖewo tea kpekpewo dede gɔ̃ hã hafi wodzea aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Ẽ, míadi be mía ŋutɔwo míaɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ le kpekpeawo dede ɣesiaɣi me.—Luka 6:40; Fil. 3:17.
11 Gblɔ nya geɖe na nusrɔ̃via tso kpekpeawo kple alesi wowɔnɛ ŋu ale be wòaɖe dzi ɖi ne eva kpekpea zi gbãtɔ. Esi wònye ame aɖewo mevona le wo ɖokui me ne woyina teƒe yeye aɖe zi gbãtɔ o ta la, anyo be nàkplɔ nusrɔ̃via ayi Fiaɖuƒe Akpataa me ne eyina kpekpea zi gbãtɔ. Ne ènɔ egbɔ la, eƒe dzi adze eme wu ne ele go dom hamea me tɔwo. Ƒo ye katã ta la, xɔ wò amedzroa nyuie, na wòakpɔ be èxɔ ye ne wòaɖe dzi ɖi.—Mat. 7:12; Fil. 2:1-4.
12 De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòade nutome sue takpekpe, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ, alo nutome gã takpekpe ne mɔnukpɔkpɔa su esi zi gbãtɔ. Àte ŋu awɔ ʋu ƒe ɖoɖo na eya hã.
13 Ƒã Ŋudzedzekpɔkpɔ Deto ɖe Eme: Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 92 ɖe eme be: “Ne wò ŋutɔ wò ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu dze le wò dzeɖoɖo kple ɖetsɔlemetɔwo me la, anɔ bɔbɔe na wo be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nadzi ɖe dzi eye aʋã wo be woagawɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yehowa nyanya me.” Mègagblɔ nya madzemadze aɖeke le miaƒe hamea ŋu gbeɖe o, gblɔ nya nyui tso eŋu ɣesiaɣi. (Ps. 84:11; 133:1, 3b) Le gbe siwo nàdo ɖa le Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔɣi la, yɔ hamea eye nàgblɔ alesi wòhiã be nusrɔ̃via nade ha kplii ɣesiaɣi.—Ef. 1:15-17.
14 Ẽ, míedi be ame yeyewo natu ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖo ɖe hadede dodzidzɔname kple gbɔgbɔ me dedienɔnɔ si le Mawu ƒe amewo dome ŋu. (Tim. I, 3:15; Pet. I, 2:17; 5:9) Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, mina míawɔ nusianu si míate ŋui be míahe Mawu ƒe Nya srɔ̃lawo ƒe susu ava habɔbɔ si ŋu míaƒe ŋkɔ le dzi.
[Blurb on page 3]
Nusrɔ̃viwo wɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba wu ne woa ŋutɔwo nya habɔbɔa
[Blurb on page 4]
Mègahe ɖe megbe le nusrɔ̃viwo kpekpe va kpekpewoe ŋu o