INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/97 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Mizã Wo Tsɔ Wu Be Miatsɔ Wo Akɔ Ðe Nudzraɖoƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ðoɖo Yeye si Wowɔ na Fiaɖuƒe Akpata ƒe Agbalẽdzraɖoƒewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Mizã Agbalẽ Xoxowo Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 4/97 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Agbalẽ kawoe wòle be woade Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒe?

Wota gbɔgbɔmegbalẽ gbogbo aɖewo be woaɖe vi na Mawu ƒe amewo. Esi wònye agbalẽ siawo katã mele gbeƒãɖela geɖe si o ta la, Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpata me nye afisi woawɔ numekuku le agbalẽ siwo anye ne womakpɔ hafi o la me. Eyata ele be woatsɔ Biblia-gɔmeɖeɖe vovovowo, Habɔbɔa ƒe agbalẽ yeyewo, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tatawo, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo, kple Watch Tower Publications Indexes ade eme. Azɔ hã ele be egbegbe nyagɔmeɖegbalẽ nyui aɖe hã nanɔ eme. Ne miakpɔ numekugbalẽwo, anyigbanɔnɔmetatagbalẽwo, alo gbeŋutise kple ŋutinya ƒe numekugbalẽwo la, ke woawo hã nyo. Gake agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” tana koŋue le be wòanɔ vevie na mí.—Mat. 24:45.

Wogblɔ le teƒe aɖewo be wotsɔ agbalẽ manyomanyo aɖewo de Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒea. Masɔ be woatsɔ nyakpakpagbalẽwo, numeɖegbalẽ siwo kea ɖi Biblia, alo xexemenunyagbalẽwo alo gbɔgbɔyɔgbalẽwo ade eme o. Agbalẽ siwo akpe ɖe amesiwo zãa Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒea ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me koe wòle be woade agbalẽdzraɖoƒea.—Tim. I, 4:15.

Sukudzikpɔla si mee agbalẽdzraɖoƒea le, togbɔ be woate ŋu ade dɔ nɔviŋutsu bubu si be wòakpe ɖe eŋu wòakpɔ edzi hã. Ele be wòakpɔ egbɔ agbalẽawo nanɔ yeye le eme, wòatsɔ agbalẽ yeyewo anɔ ekpem ne wonya ɖe wo ɖe go ko. Ele be woaŋlɔ hame si tɔ wònye ƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ ɖesiaɖe me wòadze nyuie. Milé ŋku ɖe agbalẽawo ŋu ƒe sia ƒe miakpɔ ɖa be ɖe wòahiã be woadzra ɖe ɖo alo aɖɔ lii hã.

Amesiame ate ŋu akpe asi ɖe beléle na agbalẽdzraɖoƒea ŋu. Ele be woalé be na agbalẽawo dzadzraɖo kple wo zazã. Migaɖe mɔ ɖeviwo natsɔ wo anɔ fefem o, eye ame aɖeke megaŋlɔ nu ɖe eŋu o. Miate ŋu aŋlɔ nu wòadze nyuie aklã ɖe agbalẽdzraɖoƒea wòanye ŋkuɖodzi be mele be woatsɔ agbalẽawo adoe le Fiaɖuƒe Akpataa me o.

Esi wole hame yeyewo ɖom ɣesiaɣi ta la, anɔ eme be agbalẽwo made le agbalẽdzraɖoƒe geɖe me o. Gbeƒãɖela siwo si míaƒe agbalẽ xoxowo le la ate ŋu abu eŋu atsɔ wo ana hamea. Hamemegãwo ate ŋu adɔ Gbetakpɔxɔ babla siwo Habɔbɔa gbugbɔ le tatam. Esia ana Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒea nakpe ɖe mí katã ŋu geɖe be míake ɖe Mawu ƒe Nya me kesinɔnu ɣaɣla si naa sidzedze, nunya, kple gɔmesese la ŋu.—Lod. 2:4-6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe