Subɔsubɔdɔwɔlawo Naa Kpekpeɖeŋu Vevi Aɖe
1 “Woɖee fia be yewonye ŋutsu adzɔgbeɖela siwo ɖe woƒe xɔse fia le veviedodo le Fiaɖuƒe subɔsubɔ me kple kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo be woali ke le xɔsea me la me.” Aleae Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 56 lia gblɔ tso subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu. Le nyateƒe me la, kpɔɖeŋu nyui si míaƒe subɔsubɔdɔwɔlawo ɖona le ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me la nye nusi dze be woasrɔ̃. Dɔwɔwɔ kple subɔsubɔdɔwɔlawo kpakple hamemegãwo aduadu ‘naa ŋutilã la tsina eye wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me.’—Ef. 4:16.
2 Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vevi aɖe le hamea me. Bu kpekpeɖeŋu xɔasi gbogbo siwo wonana la ŋu kpɔ ko! Wokpɔa gakɔnta, agbalẽwo, magazinewo, nudɔdɔwo, kple anyigbamamãwo gbɔ; wowɔa dɔ abe anyinɔƒegbɔkpɔlawo; nuƒomɔ̃dzikpɔlawo, eye wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata la ƒe dzadzɛnyenye gbɔ. Wokpɔa gome le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea me. Wo dometɔ aɖewo aƒo dutoƒonuƒowo alo akpɔ hamea ƒe kpekpe aɖewo dzi. Abe ŋutilã la ƒe akpa aɖe la, subɔsubɔdɔwɔlawo naa mí kpekpeɖeŋu siwo míehiã.—Kor. I, 12:12-26.
3 Ekpɔkpɔ be subɔsubɔdɔwɔlawo le dɔ wɔm aduadu kple hamemegãwo le bubu deto dede ame nɔewo ŋu kple nugɔmesese me abe subɔlawo ƒe ha ɖeka ene la dea dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ nenema ke. (Kol. 2:19) Woƒe dɔdasiwo wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo wɔnɛ be wokpea asi ɖe hamea ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu.
4 Nukae míate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia subɔsubɔdɔwɔla dovevienuawo? Ehiã be míanya woƒe dɔdasiwo nyuie eye míaɖee afia be míedi be míawɔ dɔ aduaɖu kple wo ɣesiaɣi si woahiã míaƒe kpekpeɖeŋu. Le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me la, míate ŋu ana woanya be míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe dɔ ŋu. (Lod. 15:23) Amesiwo doa vevie nu ɖe mía ta la dze na kafukafu.—Tes. I, 5:12, 13.
5 Mawu ƒe Nya ƒo nu tso subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe wɔƒe kple dzedzemewo ŋuti. (Tim. I, 3:8-10, 12, 13) Woƒe subɔsubɔ kɔkɔe xɔasi la nye nusi hiã ŋutɔ hena hamea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ. Edze be míayi edzi anɔ dzi dem ƒo na ŋutsu siawo, esi wole ‘go gbam ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’—Kor. I, 15:58.