Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
1 Ƒe 40 kple edzivɔe nye esia la, nyati aɖe si ƒe tanya enye “Ðe Nèle Wò Ŋutete Katã Wɔma?” dze le January 15, 1955, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me. Etɔ asi alesi wòanya wɔ na Yehowa ƒe amewo be wo dometɔ ɖesiaɖe nadze agbagba geɖe wu le subɔsubɔdɔa me ale be woate ŋu adzi woƒe Fiaɖuƒedɔwo wɔwɔ ɖe edzi la dzi lɔlɔ̃tɔe. Aɖaŋuɖoɖo nyui ma sɔ na míawo hã egbea esi míeyi edzi le agbagba dzem be míaƒe dɔ nyui wɔwɔwo naganyo wu.
2 Ele be míaƒe subɔsubɔ katã natso didi be míawɔ ɖe sedede gãtɔ kekeake la dzi me, si gblɔ be: “Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Mar. 12:30) Míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ deto na Yehowa fiana ne míewɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋuna ɖi na mí be míado eƒe Fiaɖuƒedɔa ɖe ŋgɔ la ŋudɔ bliboe. De ŋugble le mɔ siwo gbɔna siwo dzi nàte ŋu ato akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu ŋu kpɔ.
3 Tsɔ Wò Agbanɔamedziwo: Nɔviŋutsu ɖeadzɔgbewo ate ŋu aʋli adze be woava zu subɔsubɔdɔwɔlawo eye emegbe woawɔ ŋgɔyiyi azu hamemegãwo. Nyati siwo nye “Èle Eminyãma?” kple “Èdze be Nasubɔa?,” siwo dze le Gbetakpɔxɔ, September 1, 1990, ƒe tataa me ʋã nɔviŋutsu geɖe be wotsɔ wo ɖokui na hexɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Bia aɖaŋuɖoɖo tso hamemegã siwo le miaƒe hamea me gbɔ le alesi tututu nàwɔ aminyã taɖodzinu ahadze.
4 Wokpe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nye trewo be woabu biabia be yeawoade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua ŋu vevie. Àte ŋu anya nu geɖe le suku sia ŋu ne èxlẽ agbalẽ siwo woyɔ ku ɖe “Ministerial Training School” ŋu le Watch Tower Publications Index siwo nye ƒe 1986-1995, 1996, kple 1997 me tɔwo me. Ðe nèkpɔnɛ be ‘dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã’ aɖe ʋu ɖi na wòa? (Kor. I, 16:9a) Nɔviŋutsu geɖe siwo wɔ eŋudɔ menya nu tso subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo katã ava su wo si ŋu do ŋgɔ o. Egbea wole subɔsubɔm le Betel alo wonye mɔɖela veviwo le gbeadzi alo nye nutome sue dzikpɔlawo.
5 Minyã Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa: Sɔhɛ siwo le dodom le suku kɔkɔ, nyɔnu aƒedzikpɔlawo, kple amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔme nabu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie. Dzro July 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me, eye ƒo nu kple mɔɖela siwo ƒe nɔnɔmewo sɔ kple tɔwò tsã. Ðewohĩ woate ŋu ade dzi ƒo na wò be nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu to mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me abe alesi woa ŋutɔwo le ewɔmee ene. (Kor. I, 11:1) Ðe wòanya wɔ be nàkeke wò dɔwɔna ɖe enu wòaɖo gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti ale be nàzu gbesiagbe mɔɖelaa?
6 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 17,000 ye le subɔsubɔm fifia le alɔdzedɔwɔƒewo kple Betel-ƒewo me le xexeame katã. (om 116; w94-EW 6/15 28-31) Nukatae màƒo nu tso eŋu na miaƒe nutome sue dzikpɔla kpɔ be ɖe yedze na Betel-subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe mɔnukpɔkpɔa o hã?
7 Subɔ le Afisi Hiahiã Lolo Wu Le: Ðe nèle afisi wokpea anyigbamamã ɖo edziedzi alo afisi nɔviŋutsu geɖe siwo atsɔ agbanɔamedzi lea? Ède ŋugble le wò subɔsubɔdɔa keke ɖe enu to ʋuʋu ayi afisi hiahiã lolo wu le ɣeyiɣi kpui aɖe alo anɔ afima ɖaa ŋu kpɔa? Ðewohĩ ate ŋu anye kɔƒenuto aɖe si te ɖe mia ŋu, afisi wohiã dɔwɔla geɖe le. (Mat. 9:37, 38) Mele be woatsi dzi awɔ esia eŋumabumabui o. Ebia be woabu nu ŋu le gbedodoɖa me. (Luka 14:28-30) Ƒo nu tso wò nɔnɔmea ŋu na hamemegãwo kple nutome sue dzikpɔla. Woadzro eme kpli wò ne esɔ be nàwɔ afɔɖeɖe ma fifia alo be nàdzra ɖo awɔe le etsɔme. Ne èdi be yeaŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa abia aɖaŋuɖoɖo le afisi nàte ŋu aʋu ayi ŋu la, ke ele be lɛta si te Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia de asii nakpe ɖe eŋu.
8 Na Wò Subɔsubɔa Nanyo Wu: Míate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe ne míewɔ míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wònyo wu. Ðe nèkpɔa gome le dɔa ƒe akpa sia akpa, si me aƒeme yi aƒeme kple vomeɖaseɖiɖi kpakple tɔtrɔyiwɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃ le mea? Ne èle nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le wò nufiafiaɖaŋu ŋu wòanyo wua? Anyo be nàdzro July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me akpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo nàte ŋu azã atsɔ atu wò nusrɔ̃viwo ɖo be woaɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ.
9 Wodzro mɔ siwo dzi míato akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu eye míana wòanyo wu la me tsitotsito le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe ta 9 lia me. Ðikeke mele eme o be ele be wòanye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe didi be míawɔ nusianu si míate ŋui le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Nukata màde ŋugble le wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu vevie o? Wɔ nu abe alesi Timoteo I, 4:15 (NW) kafui ene: “De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋku me.”