INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/99 axa 1
  • Dzadzraɖo Do Ŋgɔ Na Wokpɔa Dzidzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzadzraɖo Do Ŋgɔ Na Wokpɔa Dzidzɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzadzraɖo—ena Wokpɔa Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ne Ewɔa Dɔ la, Ke Zãe!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • “Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • ‘Nɔ Dzadzraɖoɖi Na Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 7/99 axa 1

Dzadzraɖo Do Ŋgɔ Na Wokpɔa Dzidzɔ

1 Gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ na míekpɔa dzidzɔ geɖe. (Ps. 89:16, 17) Gake dzadzraɖo nye nu vevi si ana míate ŋu akpɔ dzidzɔ ma bliboe. Ne míedzra ɖo nyuie la, míawɔ geɖe, eye ne míewɔ geɖe la, míakpɔ dzidzɔ geɖe.

2 Zã Dɔwɔnu Siwo Wona La: Xlẽ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyatiwo eye nàde ŋugble le wo ŋu tsɔ dze wò dzadzraɖoa gɔmee. Zi geɖe la, wofiaa mí dzeɖonya siwo ŋu wobu nyuie eye wotrɔ asi le wo ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nàgblɔ Fiaɖuƒe gbedasia bɔbɔe wòaɖe kpe. Àkpɔ alesi nàɖu dzeɖonyanutsinya siwo amewo lɔ̃a gbɔgblɔ dzi ƒe kpɔɖeŋuwo. Woɖoa tɔtrɔyi tseku wɔwɔ kple susu be woadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ƒe aɖaŋu ŋutɔŋutɔwo le eme. Mɔɖeɖe li be nàtrɔ asi le aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu alesi nèkpɔ be asɔ na ye. Hekpe ɖe eŋu la, Reasoning-gbalẽa [kple Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe agbalẽvia] li siwo fia ŋgɔdonya vovovo kple alesi woaɖo nya ŋu na dzeɖoɖonutsilawoe, ale be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze geɖe wu le nɔnɔme siwo nàdo goe dometɔ geɖe me.

3 To agbalẽ si nèdi be yeana me, eye nàtia nya wɔdɔɖeamedzi ɖeka alo eve siwo nàte ŋu atsɔ fia aƒemenɔla la. Àte ŋu azã nyadzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe si nèse alo nèxlẽ atsɔ dze dzeɖoɖoa gɔmee. Bu tsitretsiɖeŋunya siwo nàte ŋu ado goe ŋu do ŋgɔ, eye nàdzra nya ʋɛ aɖewo siwo nàtsɔ aɖo wo ŋui la ɖo ɖe susu me. Emegbe nàzã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ato nusiwo nàgblɔ le ʋɔtrua nu me.

4 De Subɔsubɔkpekpe Ðesiaɖe: Ðo to nyuie ne Subɔsubɔkpekpea le edzi yim eye wole aɖaŋuɖoɖo siwo wona le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me dzrom, ne wole wo me tom, eye wole wɔwɔfiawo wɔm. De dzesi nya siwo nèkpɔ be yeate ŋu azã le yeƒe dzeɖonya me. Ðo ŋku nɔnɔme siwo nèdoa goe zi geɖe le gbeadzi la dzi, eye nàbu tame le alesi nàte ŋu aɖi ɖase nyuie wu ŋu. Ƒo nu tso nusiawo ŋu kple gbeƒãɖela bubuwo do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpã vɔ megbe.

5 Kakaɖedzi li be ne ‘èdzra ɖo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ la, àkpɔ dzidzɔ kple dzidzedze geɖe le kpekpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ agbemɔ la me.—Tim. II, 2:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe