Mina ‘Míayi Nyaa Gbɔ Tẽ!’
1 Edzɔ ɖe dziwò kpɔ be aƒemenɔla aɖe tso wò ŋgɔdonya si nèdzra ɖo nyuie me gblɔ be: “Nya kae nèdi be yeagblɔ? Yi nyaa gbɔ tẽ!” Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ ma ƒomevi me?
2 Ame geɖe megbɔa dzi ɖi egbea o. Wodi be yewoanya amesi míenye kple nusita míeva. Ne wokpɔ be Biblia sɔsrɔ̃ tae míeva la, woate ŋu agbe nyaa sese. Ame geɖe mebua Biblia xexlẽ kple dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu nu vevii le woƒe agbe me o. Aleke míawɔ ana aƒemenɔla mawo nase egɔme be ele be yewoazã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo adzro Biblia me nyati aɖe me kpli mí?
3 Nusi Wɔa Dɔ Wu: Nu vevitɔe nye be nàfia aƒemenɔla la be eƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔwo le Biblia me, eye wò nyawo nanɔ kpuie ko. Dzeɖonya si ɖea kpe wue nye be woabia nya tɔxɛ aɖe si ana aƒemenɔlaa nabu tame, eye emegbe Ŋɔŋlɔ si ɖo biabiaa ŋu nakplɔe ɖo. Àte ŋu ate aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la dometɔ aɖewo kpɔ. Wotrɔ asi le wo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu ‘míayi nyaa gbɔ tẽ’ anyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme.
4 Le anyigbamama si me amewo lɔ̃a gbɔgblɔ le be yewomedi nya la o la, bia nya si ka wo tẽ:
◼ “Esi míele ƒe akpe bubu gogom la, ɖe nèkpɔ be mɔkpɔkpɔ li loo alo mèka ɖe edzi o? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nu ɖefuname siwo kpɔm míele egbea kple nusi ava do tso wo me la ŋu nya ɖi.” Xlẽ Timoteo II, 3:1, 2, 5 kple Lododowo 2:21, 22.
◼ “Ame geɖe tsi dzi ɖe lãmesẽnyawo ŋu le dukɔ sia me ŋutɔ. Ènya be Mawu do ŋugbe be yeakpɔ lãmesẽkuxiwo katã gbɔ tegbeea?” Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
◼ “Viɖe kawoe nèsusu be míakpɔ le míaƒe nutoa me ne amesiame wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi?” Xlẽ Mateo 22:37-39.
5 Esi míaƒe dɔdasie nye be míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ta la, ɣesiaɣi si wòanya wɔ la ele be míahe susu ayi nusi Fiaɖuƒea awɔ dzi. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ènya be Biblia, si nye agbalẽ xoxotɔ kekeake le xexeame gblɔe ɖi be dziɖuɖu ɖeka koe ava nɔ xexeame katãa?” Xlẽ Daniel 2:44.
◼ “Aleke nèsusu be nɔnɔmewo anɔ ne Yesu Kristoe le anyigba dzi ɖum?” Xlẽ Psalmo 72:7, 8.
6 Le anyigbamama si me amewo tsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le la, àte ŋu ate ŋgɔdonya siawo dometɔ ɖeka kpɔ:
◼ “Ame geɖe kpea fu le woƒe nyɔnu alo ŋutsu nyenye, subɔsubɔha, alo ŋutigbalẽ ƒe amadede ta. Aleke nèsusu be Mawu sena le eɖokui me le nazãbubu mawo ŋu?” Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
◼ “Míenya be Yesu Kristo wɔ nukunu geɖe le eƒe ŋkekea me. Ne ɖe nàte ŋu abia be wòagawɔ nukunu ɖeka la, nukae nàbia?” Xlẽ Psalmo 72:12-14, 16.
7 Ne aƒemenɔla medi be nàge ɖe aƒea me o la, àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme ale:
◼ “Kuxiwo ŋu nya sese ti ame geɖe egbea. Wodi be yewoase nu tso kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ðikeke mele eme o be ele nenema le wò hã gowòme. Gake afikae míate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ŋutɔŋutɔ le?” Na wòaɖo eŋu. Xlẽ Timoteo II, 3:16, 17.
8 Nukata Màtee Kpɔ O? Zi geɖe la, nusi ko hiã be woanyɔ aƒemenɔla ƒe ɖetsɔlemee nye nyabiabia bɔbɔe si le kpuie. Nyɔnu aɖe si mexɔa nɔviawo tsã o kpe nɔvinyɔnu eve va eƒe aƒeme esi wo dometɔ ɖeka bia be: “Ènya nu tso Fiaɖuƒe si nèdoa gbe ɖa biana le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa me ŋua?” Biabia la na nyɔnua bu tame, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ezu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe fifia!
9 Ne èle nu ƒom na aƒemenɔla la, wò nyagbɔgblɔwo neɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ fia. Ƒo nu tso dzi me. Anɔ bɔbɔe wu be amewo nase míaƒe nya ne wokpɔ be míetsɔ ɖe le eme na yewo vavã.—Dɔw. 2:46, 47.
10 Gbeƒãɖeɖe nyanyuia mele bɔbɔe egbea o. Aƒemenɔla aɖewo bua nazã ɖe amedzrowo ŋu. Bubuwo wɔa dɔ geɖe eye vovo menɔa wo ŋu o. Gake kakaɖedzi li be amesiwo dze geɖe gali siwo wòle be míadi. (Mat. 10:11) Míakpɔ dzidzedze geɖe wu le míaƒe agbagbadzedze be míadi wo me ne míaƒe ŋgɔdonyawo le kpuie eye ‘míeyi nyaa gbɔ tẽ!’