INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 6
  • Mawu ƒe Nyagblɔɖinyawo Katã Ava Eme!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu ƒe Nyagblɔɖinyawo Katã Ava Eme!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Miliɔn Geɖe Ayi Àyia?
    Nyɔ!—1999
  • Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Naa Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖinya La Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Xɔ Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Dzi se!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 6

Mawu ƒe Nyagblɔɖinyawo Katã Ava Eme!

1 Yehowa Ðasefowo tsɔa ɖe le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me tso gbaɖegbe ke. Eyata dzi dzɔ mí esi míesee be ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpea ƒe tanya anye “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya.” Míedi vevie be míanya nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na mí si nye “nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mat. 24:45) Medo kpo eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ o.

2 Takpekpea me Nya Veviwo: Le Fiɖagbe ƒe nuƒo tɔxɛ si nye “Ðo To Mawu ƒe Nyagblɔɖinya La” me la, wokɔ nu me ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔa ŋu. (Mat. 17:1-9) Wote gbe ɖe edzi le nuƒoa me be míele ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si gbɔna ƒe agbo nu, elabena míeɖo nuwuɣia me ʋĩ, eye nuɖoanyi yeyea le ŋgɔ gbɔna kpuie! Mɔ vevitɔ ɖeka si dzi míato aɖo to Mawu ƒe Nya lae nye exexlẽ edziedzi. Nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Kpɔ Dzidzɔ Ðe Mawu ƒe Nya la Xexlẽ Ŋu” ɖo aɖaŋu nyui aɖewo tso alesi míawɔ be viɖe nanɔ míaƒe Biblia xexlẽ me eye wòavivi ŋu.

3 Míedzro susu siwo ta wòle be míaka ɖe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me la me le Memleɖa ɣetrɔ me. Ðe nàte ŋu aɖo ŋku esiawo katã dzia? Woƒo nu tso Xabakuk ƒe nyagblɔɖia ŋu le Kwasiɖagbe ŋdi be míaƒe ŋkekea ɖi etɔ pɛpɛpɛ eye nu vevi aɖewo adzɔ kpuie ne Yehowa tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòxɔ ame dzɔdzɔewo ɖe agbe. Ède dzesi nufiame si le Biblia ƒe drama si ƒo nu tso Yakob kple Esau ŋu mea? Ele be míaʋli vevie ɣesiaɣi be míaxɔ yayrawo tso Yehowa gbɔ, atsi tre ɖe ɖekematsɔleme kple vivimadoɖenuŋu ƒe nɔnɔme ŋu.

4 Agbalẽ Yeye Dodzidzɔname Aɖe: Aleke gbegbe dzi dzɔ mí enye si, esi míexɔ agbalẽ yeye si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! Ðikekemanɔmee la, èdze agbalẽ sia si léa susu na ame la xexlẽ gɔme xoxo. Nuƒola si ɖee ɖe go gblɔ be: “Nyagblɔɖi siwo katã le Daniel ƒe agbalẽa me va eme xoxo, negbe wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe susɔ.” Ðe esia mete gbe ɖe alesi nuwɔwɔ hiã kpata le míaƒe ɣeyiɣia me dzi oa?

5 Takpekpea ƒe wɔnawo do ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si ale gbegbe be Mawu ƒe ŋugbedodo siwo katã meva eme haɖe o ava eme godoo. Wode dzo mía me be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la na ame bubuwo!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe