Alesi Míawɔ Ase Vivi na Kpekpeawo Wu
1 Kpekpewo dede le vevie na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ. Dzidzɔ si míakpɔ tso wo me nɔa te ɖe nusiwo míewɔna dzi do ŋgɔ na kpekpeawo, ewɔɣi, kple ne míekpã. Aleke míate ŋu akpe ɖe mía ɖokui kple ame bubuwo ŋui be woagase vivi na kpekpeawo dede wu?
2 Do Ŋgɔ na Kpekpeawo: Dzadzraɖo do ŋgɔ na kpekpeawo kpɔa ŋusẽ ɖe vivi si míesena le wo me dzi tẽ. Ne míedzra ɖo nyuie la, eʋãa mí geɖe wu be míaɖo to nyuie eye be míakpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míadzra ɖo ɖe dɔdasi ɖesiaɖe si wona mí ŋu nyuie kple susu be míagblɔ nyatakaka siwo le eme la pɛpɛpɛ ɖe mɔfiameawo nu eye míawɔe wòalé dzi na nyaselawo. Ele be míato míaƒe dɔdasiwo me nyuie. Ne míekpɔ gome le kpekpe lédziname siwo tua ame ɖo eye wòɖea vi na amesiame me la, mía ŋutɔwo ƒe ŋgɔgbedede adze ƒã na amewo eye míaƒe dzidzɔ agba go.—Tim. I, 4:15, 16.
3 Ne Kpekpewo le Edzi Yim: Nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase vivi na wo wu. Ele be míabu kpekpea ƒe akpa si amesiame ate ŋu akpɔ gome le la be enye dɔdasi si wona hamea me tɔ ɖesiaɖe. Zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo siwo le kpuie hele tẽ ɖea vi geɖe wu. Nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo siwo le kpuie gbɔgblɔ ate ŋu ade dzi ƒo na ame ahado ŋusẽ wo, eye ele be míanɔ ŋudzɔ be míagblɔ wo ne esɔ ɖe ɖoɖoa nu. (Lod. 15:23; Dɔw. 15:3) Ne míele dɔ wɔm le kpekpea me la, ele be míatsɔ kakaɖedzi aƒo nu dzonɔamemetɔe, eye míana wòavivi, wòanye nu ŋutɔŋutɔ si ate ŋu aɖe vi na nyaselawo.
4 Le Kpekpeawo Megbe: Nya fakɔnamewo gbɔgblɔ na ame bubuwo, gbedodo na amewo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, kple dzeɖoɖo tso kpekpea me nya vevi ʋɛ aɖewo ŋu aɖe vi na amesiame. Dzidzɔ si míaɖe afia ne míekpɔ ɖeviwo, ame tsitsiwo, kple ame yeyewo wole gome kpɔm le kpekpea me awɔe be lɔlɔ̃ si le nɔviwo ƒe habɔbɔa me nade to ɖe edzi. Le esi teƒe be míaɖe ɖeklemi amesiwo mede kpekpeawo o la, anyo wu be míagblɔ dzidzɔ si míekpɔ le wo dede me, eye esia ade dzi ƒo na wo be woade kpekpeawo.—Heb. 10:24, 25.
5 Migana mɔnuɖoɖo vevi sia si nye dzidedeƒo na mía nɔewo nato mía ŋu o. (Rom. 1:11, 12) Ne míeɖoe kplikpaa hedze agbagba ɖesiaɖe la, mí katã míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me.