INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/99 axa 7
  • Ðe Nèle Ʋuʋuma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle Ʋuʋuma?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Ne Èʋu Yi Hame Yeye Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Hame La Nekafu Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Aleke Nàwɔ Atrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu Le Wò Hame Yeyea Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 10/99 axa 7

Ðe Nèle Ʋuʋuma?

Ne èɖo biabia sia ŋu be ẽ la, ke nu geɖe li wòle be mia kple ame bubuwo miaxɔ ŋgɔ awɔ. Afɔɖoƒe vevi siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ hadede tuameɖowo le hame yeyea me.

(1) Ne ènya afisi yim nèle la, hame si me nèle fifia ƒe agbalẽŋlɔla ate ŋu axɔ hame yeyea ƒe Fiaɖuƒe Akpata ƒe adrɛs. Ne èva ɖo nutoa me la, di Fiaɖuƒe Akpata si le afima enumake eye nàbia hamea ƒe kpekpeɣiwo. Ne hame siwo sɔ gbɔ wu ɖeka ye zãa Fiaɖuƒe Akpataa la, bia hamemegãwo ne woafia hame si ƒe anyigbamama me nèle la wò. Mègahe ɖe megbe le kpekpeawo dede kple hamemegã siwo le afima nyanya me o.

(2) Agbalẽŋlɔla siwo le hame si me nètso kple hame yeyea me awɔ nu aduadu le wò kple wò ƒomea ƒe “Congregation’s Publisher Record” gbalẽviwo ɖoɖo ɖa me. Woaŋlɔ lɛta aɖo ɖe hame yeyea ƒe hamemegãwo atsɔ aɖe nuwò. (Kpɔ February 1991 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.) Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti si le afima ana agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla si ƒe ƒuƒoƒo te ɖe ŋuwò nanya nu tso wò vava ŋu, ale be wòate ŋu adi afisi nèle eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ afisi agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo yeye si me nànɔ la kpena le.—Rom. 15:7.

(3) Akpa aɖe li wòle be gbeƒãɖela siwo katã le hame yeyea me nawɔ dzidzɔtɔe—eyae nye be woadze si wò eye woana wò dzi nadze eme. (Tsɔe sɔ kple Yohanes III, 8.) Esia fia be ele be nàde kpekpeawo ɣesiaɣi ale be nàte ŋu akpɔ dzideƒoname kple hadede tuameɖo tso nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo gbɔ.

(4) Mele be nàlala be nàwu dɔ siwo katã ʋuʋua bia la nu hafi akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple hame yeyea o. Ne ètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, woakpɔ nu bubuawo gbɔ na wò eye wò dzi adze eme nyuie le teƒe yeye si nèva le. (Mat. 6:33) Ne teƒe yeyea ma wò vɔ la, àdi godoo be yeakpe ame aɖewo tso hamea me be woava sra wò kpɔ ale be miadze si mia nɔewo ɖe edzi.—Rom. 12:13b.

Dɔ gã aɖee ʋuʋu ayi teƒe bubu nye. Gake ne amesiwo le ʋuʋum zɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo dzi la, nu magblẽ le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu o. Amesiame akpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe