Yehowa Vɔvɔ̃ Nenɔ Mewò Ɣeawokatãɣi
1 “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.” (Ps. 111:10) Edea dzo mía me be míawɔ dɔ nyuiwo eye wòkpena ɖe mía ŋu be míate ɖa le vɔ̃ ŋu. (Lod. 16:6) Vɔvɔ̃ siae nye bubu deto dede mía Wɔla la ŋu, eye wòʋãa mí be míatsri nusiwo medzea eŋu o wɔwɔ kple tomaɖomaɖoe. Enye nusi wòle be míatu ɖo ahaɖe afia ɣeawokatãɣi.—Lod. 8:13.
2 Gbesiagbe la, Satana ƒe xexea ƒe gbɔgbɔ ƒonɛ ɖe mía nu sesĩe be míawɔ nu ɖe eƒe mɔ vɔ̃wo nu. (Ef. 6:11, 12) Nuvɔ̃ le míaƒe ŋutilã madeblibo la ŋu eye le dzɔdzɔme nu la, etrɔna ɖe nusi nye vɔ̃ ŋu. (Gal. 5:17) Eyata be míawɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi, akpɔ dzidzɔ, eye míakpɔ agbe la, ele be míavɔ̃e ɣeawokatãɣi.—Mose V, 10:12, 13.
3 Woxlɔ̃ nu mí le Hebritɔwo 10:24, 25 be míakpe ta ale be míade dzi ƒo na mía nɔewo “geɖe wu” le ɣeyiɣi siawo siwo me míele la me. Hafi míakpɔ agbe le ŋkeke mamlɛ siawo me la, kpekpewo dede edziedzi le vevie ŋutɔ. Vɔvɔ̃ si le mía me be míawɔ nusiwo medzea Mawu ŋu o ʋãa mí be míade kpekpewo ahade asixɔxɔ woƒe taɖodzinu ŋu vevie. Amesiwo vɔ̃a Mawu bua gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me be enye mɔnukpɔkpɔ kɔkɔe.
4 Mɔ bubu si nu míeɖenɛ fiana le be míevɔ̃a Mawu enye se si wòde be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui la dzi wɔwɔ. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 10:42) Taɖodzinu vevi si le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu enye be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woatu Yehowa vɔvɔ̃ ɖo ahalɔ̃ be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Míeɖoa taɖodzinu sia gbɔ to tɔtrɔyiwo wɔwɔ, agbagbadzedze be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme, kpakple Mawu ƒe sededewo katã fiafia ame bubuwo me. Míetoa esia wɔwɔ me ɖenɛ fiana be míevɔ̃a Yehowa eye míelɔ̃ mía havi.—Mat. 22:37-39.
5 Amesiwo mevɔ̃a Mawu o metua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o, eye woɖea mɔ le wo ɖokui ŋu xexeame ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ɖi, alo tamesusu ƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. (Ef. 2:2) Neva eme be míaɖoe kplikpaa be ‘míatsɔ mawusosroɖa kple vɔvɔ̃ awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu.’ (Heb. 12:28) Ekema míaxɔ yayra siwo amesiwo vɔ̃a Yehowa ɣeawokatãɣi la xɔna.