Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2001 “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe
1 Nyagblɔɖila Yesaya yɔ Yehowa be enye Nufiala Gã, si le nu xlɔ̃m abe vifofo ene be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yes. 30:20, 21) Gake aleke míesea Yehowa ƒe nya siwo wògblɔna hena míaƒe viɖee? Yehowa ƒoa nu na eƒe amewo to Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpe siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana dzi. (Mat. 24:45) Míeda akpe na Yehowa be eyi edzi le mɔ si dzi míato la fiam mí.
2 Nutome gã takpekpewo na mɔnukpɔkpɔ mí ƒe sia ƒe be míaƒo ƒu ɖekae kple hatitadeagulawo eye be míase Yehowa ƒe nufiamewo nyuie. Le ƒe si va yi me la, ame 166,102 ye de “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo me gbɔgbɔmetutuɖo nɔ le Ghana. Le ƒe 2001 me la, míawɔ ŋkeke etɔ̃ “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpewo le dukɔa me godoo. Míenyae be miele mɔ kpɔm na miaƒe ɖoɖowo wɔwɔ be yewoayi, eyata míele mɔfiame siwo gbɔna la ɖom ɖe mí atsɔ akpe ɖe mía ŋui.
3 Dzeƒedidi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, taflatse mikpe Xɔbiagbalẽa ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe. MIGAÐO Xɔbiagbalẽwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra o.
4 Woana dzeƒe ame aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubu mɔ nu le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye womanɔ amesi gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam alo agblẽ woƒe nunɔamesiwo alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be wòana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu.
5 Amesiwo meɖoa Xɔbiagbalẽwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o la hea kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiãna be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpui me alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Eyata vavala siwo katã adi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽwo ɖo ahaɖo wo ɖe takpekpe ɖoɖowɔlawo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Kɔledzikpo siwo dzi takpekpevalawo dzena la dometɔ aɖewo le ga gbogbowo biam azɔ ɖe vavalawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be míadzra ɖo ɖe gadzɔdzɔ be woatsɔ axe dzeƒea ŋu fewoe ŋu, eɖanye sukukpo dzi loo alo ame aɖe ƒe aƒemee o.
6 Nuwɔwɔ Aduadu Fia be Míewɔna Ðe Habɔbɔa ƒe Mɔfiamewo Dzi: Ele be nya sia nanye nusiwo me míatsɔ ɖe le vevie la dometɔ ɖeka. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Ŋkeke eve alo etɔ̃ le ƒea me koe wobiaa míaƒe nuwɔwɔ aduadu le nya sia me. Ne míaƒe nudidiwo to vovo hã la, kpɔɖeŋu nyui si míeɖona mía nɔviwo kpɔna la wɔnɛ be lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple kpekpeɖeŋunana ame nɔewo ƒe gbɔgbɔ nɔa anyi. (Kpɔ Korintotɔwo I, 16:16; Filipitɔwo 2:1-4.) Mɔfiame siawo dzi wɔwɔ naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo afia eye be míaƒo asa na “tɔnye ko nenyo” ƒe nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe xexeame egbea ɖeɖefia.—Kor. I, 10:24.
7 Beléle na Amesiwo Ŋu Hiahiã Tɔxɛwo Le: Ame tsitsiwo, dɔnɔwo, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, alo ame bubuwo ahiã kpekpeɖeŋu hafi woate ŋu ade takpekpea. Ƒometɔwo, hamemegãwo kple hamea me tɔ bubu siwo nya nu tso amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie ate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã la lɔlɔ̃tɔe. Mele be woada ƒomea kple hamea ƒe agbanɔamedzi ɖe takpekpe ɖoɖowɔlawo dzi o. (Tim. I, 5:4) Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti nalé ŋku ɖe amesiwo katã le xɔa biam la dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzedze ŋu nyuie hafi aɖo Xɔbiagbalẽa ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla naŋlɔ eƒe telefon xexlẽdzesi ɖe agbalẽviawo dzi ale be Xɔdidɔwɔƒea nate ŋu ake ɖe eŋu ne nyabiabia aɖewo va fɔ ɖe te. Miɖo agbalẽvi siwo dzi woda asi ɖo la ɖe takpekpewɔƒea ƒe adrɛs si le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia dzi.
8 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ be woayi. Ne woawɔ takpekpe eve le gbe ɖeka me le dugã aɖe me la, nɔvi aɖewo adi be yewoayi evea sia. Togbɔ be esia ana dzidedeƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ nasu mía si geɖe wu hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpewo megalolo akpa o me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le dugã siwo me woawɔ takpekpewo le si be woayi takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Gakpe ɖe eŋu la, ne gbea masemase nyuie wɔe be nɔvi aɖewo di be yewoayi takpekpe le dugã la me si menye esi woƒe hamea ade o la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
9 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzi kpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eɖoɖo me o.
10 Tamale Takpekpe: Míawɔ “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Tamale tso January 4 vaseɖe 6, 2002, le Twigbe kple Frafragbe me. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã le anyiehe siwo ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔ sia zɔzɔ ŋu le ƒe sia hã me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woayi gbeadzi ahaɖi vomeɖase le woƒe Tamale nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòadzɔ dzi na si be woadze dzadzraɖowɔwɔ ɖe takpekpe sia ŋu gɔme.
11 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me nɔlawo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me tɔwo awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke mamlɛa alo ŋkeke eve do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woaɖo nusianu enɔƒe la, esia ade mía dzi ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔwo kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi ɖawɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpe ɖoɖowɔlawo ana nuɖuɖu mí femaxee o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu geɖe hiã le takpekpea wɔɣi hã, eyata miwɔ ɖoɖo kple miaƒe ƒomea be miakpɔ gome le esia me le takpekpe si miayi la me.
12 Nuɖuɖunyawo: Miɖo ŋku edzi be nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi le takpekpeawo me o. Tsi fafɛ hã manɔ anyi o. Eyata mitsɔ nuɖuɖu si miaɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia ɖe asi tso aƒeme. Esia ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖia ŋu nyuie wu. Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisi míanɔ aɖu nu le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiwo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o. Gbelɔnuwo anɔ takpekpe ɖesiaɖe wɔƒe. Miwɔ esiawo ŋudɔ.
13 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Tso September ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe akɔtagbalẽviawo siwo le Eŋlisigbe me akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖa. Mahiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa eye 25 anɔ babla ɖesiaɖe me. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ɖa ne womedɔe o. Ehiã be miazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ esia na amesiwo adi be woadɔe na yewo le hamea me. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
14 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
15 Aleke Amedzrodzeƒedzikpɔlawo Bua Yehowa Ðasefowoe? Le nuƒoƒo tso nɔnɔme si le Yehowa ƒe amewo si ŋu vɔ megbe la, amedzrodzeƒedzikpɔlawo ƒe amegã aɖe si le United States ƒe titinaɣetoɖoƒe nutome gblɔ be: “Ne mekpɔ be Yehowa Ðasefowo va le xɔawo xɔm le Yawoɖagbe la, mete ŋu gblẽa woawo ɖeɖe ɖi vaseɖe Dzoɖagbe ŋdi. Menyae be kuxi gã aɖeke manɔ anyi o. Enyea dzidzɔ na mí ɣesiaɣi be miaƒe amewo nadze mía gbɔ.” Nudzrala aɖe si le amedzrodzeƒe aɖe gblɔ kple dzidzɔ be: “Ƒuƒoƒo wɔnuku aɖee nye sia! Amesiame ko gblɔna be ‘Akpe nawò.’” Ðe medzɔa dzi na wò be woaƒo nu tso mía nɔviwo ŋu alea oa? Bu alesi dzi dzɔa Yehowa Mawue ne èkpɔ mí míele nu wɔm ɖe mɔ si hea kafukafu vɛ na eƒe ŋkɔ la ŋu kpɔ ko!
16 Nyataƒonyawo: Esi ɣeyiɣia le dedem na wò be nàyi nutome gã takpekpe la, tsɔe de gbedodoɖa me na Yehowa be nàte ŋu ayi ŋkeke etɔ̃a katã ƒe akpawo katã ale be nàɖe vi geɖe tso eme. Ðe nèbia mɔ xoxo le dɔ me hena ŋkeke etɔ̃ takpekpe si nèɖo be yeade la? Ne mèwɔ esia haɖe o la, ke wɔe enumake alesi wòanya wɔe. Zi geɖe la, womedaa asi ɖe mɔbiabia le dɔ me le ɣeyiɣi mamlɛa dzi la dzi o. Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela wɔ ɖoɖo ɖe “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe si míawɔ le ƒe sia me ŋu be wòatsɔ ana gbɔgbɔmenufiame mí ahatu míaƒe xɔse ɖo. Eyata te wò ɖoɖowo wɔwɔ fifia be nàte ŋu ade, ahawɔ ɖe hakpala ƒe nuxlɔ̃amenyawo dzi be: “Mikafu Mawu, Aƒetɔ la, le takpekpewo me, mi Israel ƒe agunuviwo!”—Ps. 68:27.
[Aɖaka si le axa 3]
Takpekpea ƒe Ɣeyiɣiwo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 4:00