Dzilawo—Miƒa Nɔnɔme Nyuiwo ɖe Mia Viwo Me
1 Wometsɔa nɔnɔme nyuiwo dzia amee o, eye womesua ame si le vome hã o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔnɔme nyuiwo ƒaƒa ɖe ɖeviwo me bia ɣeyiɣi. “Nuƒaƒaɖeameme” fia “be woana nu naɖo ame me vivivi” alo “etutu ɖo ɖekaɖeka.” Ele be dzilawo nawɔ nusia ɣesiaɣi be woayi edzi ‘anyi wo viwo le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me.’—Ef. 6:4.
2 Dze Egɔme tso Ðevime: Ŋutete si ɖevi suewo tsɔ srɔ̃a nu hewɔa nu yeyewoe la ɖe dzesi. Togbɔ be zi geɖe esesẽna na ame tsitsiwo be woasrɔ̃ gbe yeye hã la, ɖevi siwo medze sukudede gɔme haɖe o ya te ŋu srɔ̃a gbe eve alo etɔ̃ le ɣeyiɣi ma ke me. Mègabui gbeɖe be viwòa metsi atu nɔnɔme nyuiwo ɖo o. Ne miedze egɔme kaba fia Biblia me nyateƒeae eye mieyi edzi ɖaa la, awɔe be kaka ɖevia naxɔ ƒe ʋɛ aɖewo la, sidzedze si ana ‘wòadze nunya hena agbexɔxɔ’ la ayɔ eƒe susu me fũ.—Tim. II, 3:15.
3 Na Gbeadzisubɔsubɔdɔa Wɔwɔ Nazu Numame: Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia edziedzi nye nɔnɔme nyui aɖe si wòle be woaƒa ɖe ɖevi me le eƒe ƒe gbãtɔawo me. Dzila geɖe kplɔa wo vi siwo metsi haɖe o la yia aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔƒe tsɔ dzea esia gɔmee. Dzila ƒe gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me edziedzi kpena ɖe wo viwo ŋu wotua ŋudzedzekpɔkpɔ kple veviedodo ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye wòfiaa wo alesi woaɖi ɖase le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa ɖesiaɖe mee.
4 Ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me hã kpena ɖe ɖeviwo ŋu. Efiaa nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui kple alesi woaxlẽ nu ase egɔme la wo. Wosrɔ̃a dzeɖoɖo tso Biblia ŋu, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ. Hehenana sia aʋã wo be woawɔ mɔɖeɖedɔa ahaminyã subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo. Betel-dɔwɔla kple dutanyanyuigblɔla geɖe tsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku ɣeyiɣi si wodze sukua gɔme zi gbãtɔ dzi eye wokpɔnɛ be enye nusi kpe ɖe yewo ŋu yewotu nɔnɔme nyuiwo ɖo.
5 Mí katã míele abe tsu ene le Zemelagã, Yehowa, si me. (Yes. 64:7) Zi alesi tsua le yeyee la, zi nenemae eŋudɔ nya wɔna. Zi alesi wòle ƒuƒum la, zi nenemae wòsẽna ɖe edzii. Nenemae amegbetɔwo hã le. Ne wole ɖevime la, asi nya trɔna le wo ŋu—eye ne wonye vi fẽ la, eganya wɔna wu. Woƒe vidzĩmenɔɣie wosrɔ̃a nɔnɔmewo, eye ɣemaɣie nɔnɔme nyui alo gbegblẽa va sua wo si. Esi nènye dzila si tsɔa ɖe le eme na viwòwo ta la, dze egɔme kaba nàƒa nɔnɔme nyuiwo ɖe wo me le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.