INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/01 axa 8
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Doa Ŋusẽ Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Mibia Yehowa Kple Eƒe Ŋusẽ Ta Se”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Ado Ŋusẽ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesi Ŋu Ðeɖi Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 2/01 axa 8

Yehowa Doa Ŋusẽ Ame

1 Aleke nèbu le apostolo Paulo ŋu? Ne míexlẽ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa la, míekpɔa alesi wòwɔ dɔ sesĩe le Yehowa subɔsubɔ mee. Nukae na Paulo te ŋu wɔ nusiwo katã wòwɔ? Egblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.” (Fil. 4:13) Ŋusẽ si Yehowa doa ame ate ŋu aɖe vi na míawo hã. To mɔ ka nu? To nu ade siwo wòna be woade dzo lãme na mí ahado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me la ŋudɔwɔwɔ me.

2 Mawu ƒe Nya: Abe alesi wòle be míaɖu nu be míanɔ lãmesẽ me ene la, nenema ke wòle be míatsɔ Mawu ƒe Nya anyi mía ɖokuii ne míedi be míayi edzi anɔ agbe le gbɔgbɔ me. (Mat. 4:4) Biblia naa ŋusẽ si léa mí ɖe te. Be míalé míaƒe veviedodo kple dzonɔameme ɖe nyateƒea ŋu me ɖe asi la, ehiã be míawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyui ahade ŋugble le nyaawo ŋu gbesiagbe, ne anya wɔ.—Ps. 1:2, 3.

3 Gbedodoɖa: Ele vevie be míate ɖe Yehowa ŋu, vevietɔ le hiahiã tɔxɛ ƒe ɣeyiɣiwo me. Etoa eƒe gbɔgbɔa dzi naa ŋusẽ gaɖoa amesiwo bianɛ le gbedodoɖa me ŋu. (Luka 11:13; Ef. 3:16) Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi.’ (Rom. 12:12) Èwɔnɛ nenemaa?

4 Hamea: Míekpɔa ŋusẽ kple dzideƒoname tsoa hamea ƒe kpekpewo kple le ha si míedena kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dzidzɔtɔe me. (Heb. 10:24, 25) Ne míeɖo xaxa me la, wodea dzi ƒo na mí hekpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe.—Lod. 17:17; Nyagb. 4:10.

5 Gbeadzisubɔsubɔdɔ: Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me edziedzi kpena ɖe mía ŋu míaƒe susu nɔa Fiaɖuƒea kple eƒe yayrawo dzi. Dzi dzɔa mí ne míekpe ɖe ame bubuwo ŋu wosrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. (Dɔw. 20:35) Menye mí katãe ate ŋu aʋu aɖasubɔ le afisi hiahiã lolo le wu alo awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o, gake míate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me nyuie le mɔ bubuwo nu.—Heb. 6:10-12.

6 Kristotɔ Dzikpɔlawo: Dzideƒo kple kpekpeɖeŋu si hamemegãwo nana la ɖea vi na mí. Yehowa de dɔ asi na wo be woakplɔ Mawu ƒe alẽha si wotsɔ de wo si la. (Pet. I, 5:2) Dzikpɔla mɔzɔlawo tua hame siwo wosubɔna la ɖo, abe alesi Paulo wɔ le eƒe ŋkekea me ene.—Rom. 1:11, 12.

7 Nuteƒewɔlawo ƒe Kpɔɖeŋuwo: Edoa ŋusẽ mí be míabu kpɔɖeŋu nyui siwo hadɔwɔla nuteƒewɔlawo, esiwo nɔ anyi le blema kple le egbea siaa, ɖo ŋu. (Heb. 12:1) Ne èhiã ŋusẽdodo la, nukata màxlẽ agbemeŋutinya tuameɖo siwo le míaƒe magazinewo me la dometɔ ɖeka, Yearbook me nyatakaka tuameɖowo, alo Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya dodzidzɔnamewo ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Proclaimers-gbalẽa me la dometɔ aɖewo o?

8 Nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 90-awo me fifia xɔ nyateƒea esime wònye ɖevi. Wodo eƒe xɔse kpɔ esime wòkpɔtɔ nye ɖevi. Gbã la, ame aɖewo siwo nɔ ha dem kple hamea vevie la dzo le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Emegbe eva hiã be wòawɔ aƒeme yi aƒeme dɔa, evɔ ewɔwɔ sesẽna nɛ. Ke hã eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi. Eteƒe medidi o eva nɔ vivi sem le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ke egbea ya ɖe? Togbɔ be eƒe lãme megasẽ tututu o hã, ekpɔtɔ nye Brooklyn Betel ƒomea me tɔ, eye wòle subɔsubɔm le Dziɖuha la me. Mevee be wòku ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ o.

9 Nɔvinyɔnu aɖe si nye Britain Betel ƒomea me tɔ xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 13. Edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme kple foa le ƒe si kplɔe ɖo me, eye le ƒe si gakplɔe ɖo me la, wode fofoa gaxɔ me le eƒe akpaɖekedzimademade le Xexemeʋa II me ta. Eyi edzi kpɔ Yehowa sinu be wòado ŋusẽ ye, eye eyi edzi subɔ Mawu vavã la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔviŋutsu nuteƒewɔla aɖe ɖee wòzu srɔ̃a, eye woa kplii woyi edzi wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Srɔ̃a va ku kpata le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 35 megbe. Le esia me hã exɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ, eye eyi edzi le subɔsubɔm vaseɖe egbe, hele mɔ kpɔm be yeanye Yehowa ƒe ƒome si le anyigba dzi la me tɔ asubɔ tegbee.

10 Yehowa kpena ɖe esubɔla nuteƒewɔlawo ŋu hedoa ŋusẽ wo. “Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” Míate ŋu axɔ ŋusẽ sia si seɖoƒe meli na o ne míewɔ mɔnuɖoɖo ade siwo míeyɔ va yi la ŋudɔ. Ðo ŋku edzi be: ‘Ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ŋu. Woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.’ (Yes. 40:29-31) Paulo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu vevie hexɔ ŋusẽ, eye nenemae wòle be míawo hã míawɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe