INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/01 axa 7
  • Nudɔdɔwo Gbugbɔwɔmɔnu si Le Bɔbɔe Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nudɔdɔwo Gbugbɔwɔmɔnu si Le Bɔbɔe Wu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 5/01 axa 7

Nudɔdɔwo Gbugbɔwɔmɔnu si Le Bɔbɔe Wu

Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! dɔlawo xɔa nyanyanana eve be woƒe nudɔdɔawo le vɔvɔm, eɖanye magazinewo loo alo esiwo wolé ɖe kasɛt dzi ye o. Gbãtɔ nye agbalẽvi aɖe si wota eye wote fli kpuikpuikpui aɖewo ɖe eƒe axadzi si woɖona ɖe nua dɔlawo to hamea dzi, si dzi woŋlɔ ɖo be “Expiring Subscription” (Wò Nudɔdɔa le Vɔvɔm). Wogbugbɔ trɔ asi le agbalẽvi sia ŋu eye fifia woatae ɖe pepa ɣi tɔgbe aɖe dzi. Wozãa nudɔgbalẽvi si ƒe axadzi wote fli kpuikpuikpuiawo ɖo la tsɔ kpɔa nudɔdɔ siwo wogbugbɔ le wɔwɔm gbɔ kabakaba le mɔ̃ dzi. Nudɔgbalẽvi siae wokafu be míazã ne míegbugbɔ le nudɔdɔwo wɔm na amewo.

Nyanyanana eveliae nye nudɔdɔ si woagbugbɔ awɔ ƒe nyanyanana gbalẽvi si wotsɔ de magazinea me le kotokua me alo ne nudɔdɔ si nye kasɛt ye wònye la, woɖonɛ ɖe nua dɔla tẽ. Magazine dɔlawo magaxɔ nudɔdɔwo gbugbɔwɔ ƒe agbalẽvi si wotsɔna dea magazinea me azɔ o. Ðe ema teƒe la, woaŋlɔ nudɔdɔa ƒe vɔvɔ nyanyanana ɖe magazine-kotokua dzi. Nenema ke Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! si wolé ɖe kasɛt dzi dɔla akpa gãtɔ magaxɔ nudɔdɔ ƒe vɔvɔ nyanyanana to posu me azɔ o. Ðe eteƒe la, woaŋlɔ nudɔdɔa ƒe vɔvɔ nyanyanana ɖe kotoku si me wode kasɛt lae dzi. Gake woakpɔtɔ anɔ nudɔdɔ ƒe vɔvɔ nyanyanana ɖom ɖe amesiwo xɔa Ŋkunɔwo ƒe nudɔdɔwo kple amesiwo xɔa woƒe kasɛt siwo ta womexɔa posuga ɖo o to posu me.

Nya si woŋlɔ ɖe magazine-kotokua dzi alo kotoku si me wode kasɛt lae dzi anye ŋkuɖoɖo edzi na nudɔlaawo be madidi o woƒe nudɔdɔa avɔ. Ne èkpɔ nya si woŋlɔ ɖe kotokua dzi gake mexɔ “Expiring Subscription” gbalẽvia haɖe o la, taflatse kpɔ nɔviŋutsu si kpɔa nudɔdɔwo dzi le miaƒe hamea me. Ele be woaɖo nudɔdɔ siwo wogbugbɔ le wɔwɔm ɖa to hamea dzi ɣesiaɣi.

Mɔ vevi si dzi woato ana nyanya nudɔla siwo wodo go le gbeadzi la enye to “Expiring Subscription” gbalẽvia si woɖona ɖa to hamea dzi ŋudɔwɔwɔ me. Ne agbalẽvi siawo va ɖo hamea me teti ko la, ele be woakpɔ egbɔ be wotsɔ wo na gbeƒãɖela siwo wɔ nudɔdɔawo na ameawo. Esi nudɔlawo magaxɔ nudɔdɔ si woagbugbɔ awɔ ƒe nyanyanana si wotsɔna dea magazinea me azɔ o ta la, ele vevie be míatrɔ yi ɖetsɔlemetɔ siawo gbɔ ahade dzi ƒo na wo be woagbugbɔ woƒe nudɔdɔawo awɔ.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1988, axa 8, kple November 1986 axa 8.

Magazine siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la ayi dzi anɔ gbɔgbɔmekekeli nam xexe si me do viviti la. Míeka ɖe edzi be amesiame awɔ ɖe ɖoɖo yeye sia dzi ale be Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata aɖeke mato edɔlawo ŋu o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe