INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/01 axa 8
  • “Nyemana Ta O! Nyemana Ta O! Nyemana Ta O!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyemana Ta O! Nyemana Ta O! Nyemana Ta O!”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Video Si Nye Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nuteƒewɔla Dzideƒotɔwo Ðu Nazitɔwo ƒe Yometiti Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 6/01 axa 8

“Nyemana Ta O! Nyemana Ta O! Nyemana Ta O!”

1 Nya mawo si Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si tsi agbe le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me gblɔ ɖe alesi Ðasefo akpeakpewo—agbagbeawo kple kukuawo—ɖoe kplikpaa be yewoalé yewoƒe xɔse me ɖe asi sesĩe eɖanye fu ka kee Nazitɔwo awɔ yewo o la fia. (Ef. 6:11, 13) Wogblɔ woƒe dzideƒo kple aʋadziɖuɖu ŋutinya dodzidzɔname le video lédziname si nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault la me. Míele dzi dem ƒo na hamea me tɔwo katã be woakpɔe eye woagblɔ nusiwo wokpɔ kple alesi wòwɔ dɔ ɖe wo dzii na wo nɔewo.

2 Nà biabia siawo nana nàde ŋugble: (1) Susu kawo tae Yehowa Ðasefowo tsi tre ɖe Nazitɔwo ŋu sesĩe? (2a) Nukpɔsusu si to vovo kae nɔ wo si ku ɖe gbedoname aɖe ŋu, eye nukatae? (2b) Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe Ðasefo ƒomewo dzi? (3) Ðasefo nenie wode fuwɔamegaxɔwo me, dzesi kae wode wo le afima, eye aleke Adzamekpovitɔwo wɔ nu ɖe wo ŋui? (4) Nukae mía nɔviwo melɔ̃ be yewoawɔ akpɔ ablɔɖe o? (5a) Aleke Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe tamesusu gblɔ ku ɖe Hitler ƒe dziɖuɖua ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu eye ɣekaɣie? (5b) Aleke Hitler wɔ nu ɖe wo ŋui? (6) Aleke Yehowa ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ xɔ woa kple ame bubuwo ɖe agbe le ŋutilã kple gbɔgbɔ mee? (7) Fiaɖuƒeha kae woŋlɔ le fuwɔamegaxɔ me? (8) Ŋutsu, nyɔnu kple sɔhɛ wɔnuteƒewo ƒe kpɔɖeŋu kawoe ʋã wò be nuka kee ɖale dzɔdzɔm o, yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa? (Kpɔ ƒe1999 Yearbook, axa 144-7 hã.) (9) Aleke video sia na mí Yehowa Ðasefowo míese le mía ɖokui me tso xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye ŋu?

3 Yehowa Ðasefowo ƒe kalẽwɔwɔ kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu si woɖe fia le Stand Firm videoa me ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo, kple amesiwo menye Ðasefowo o gɔ̃ hã ŋu be woakpe akɔ kple nya vevi siwo ku ɖe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, kple dzitsinya ŋu. Ne sɔhɛ nènye le sɛkɛndri suku alo suku kɔkɔ aɖe dem la ɖe nàte ŋu abia wò nufialawo woaɖe mɔ miaƒe klass nakpɔ video sia? Ðewohĩ ate ŋu atsɔ video la ƒe ɖe ana wo agblɔ be enye ŋutinya nyanyɛ kpui aɖe alo agbenyuinɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi aɖe.

4 Stand Firm video la nye dɔwɔnu nyui aɖe si woatsɔ afia alesi Mawu ƒe nufiafia naa gbɔgbɔmeŋusẽ ame be wòanɔ te sesĩe le nu nyui wɔwɔ me be wòadze Mawu ŋu. (Kor. I, 16:13) Na amesiwo katã tsɔ ɖe le nyateƒea me ƒe asi nakae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe