Ðe Nàte Ŋu Asubɔ le Afisi Hiahiã Lolo Wu Lea?
1 Ðe nèbu ʋuʋu yi afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le ŋu kpɔa? Ne wokpe wò be ‘nàʋu ava na kpekpeɖeŋu la,’ àlɔ̃ ayi abe alesi apostolo Paulo wɔe enea? (Dɔw. 16:9, 10) Le hame geɖewo me la, wohiã ƒome siwo tsi le gbɔgbɔ me, mɔɖela siwo akpe asi ɖe dɔa ŋu be woakpe anyigbamamaa ɖo, kple hamemegã kpakple subɔsubɔdɔwɔla siwo dze be woaxɔ ŋgɔ. Anyigbamamaa ate ŋu anye du suesue siwo te ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ hekaka ɖe kɔƒenuto gã aɖe me. Ðewohĩ Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ ɖe afima gbɔ didi ŋutɔ. Ðewohĩ dɔwɔɖui kpɔkpɔ asesẽ. Yame ƒe nɔnɔme madeamedzi ɣesiaɣi o. Àlɔ̃ be yeawɔ dɔ le nɔnɔme siawo mea? Aleke nàwɔ akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me?
2 Xɔse Kple Ŋuɖoɖeŋu Hiã: Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Abram ʋu tso wo de Ur, zɔ mɔ kilometa 1,000 kple srɔ̃a, tɔgãyɔvia, kple fofoa si ku amegã, Tarax, woyi Xaran. (Mose I, 11:31, 32; Nex. 9:7) Le Tarax ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram si xɔ ƒe 75 azɔ, be wòaʋu le Xaran kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ahayi du si Mawu afiae me. Abram, Sarai, kple Lot “woʋu.” (Mose I, 12:1, 4, 5) Ele eme be Abram meʋu be yeava subɔ le afisi wohiã subɔla geɖewo le wu ya o. Gake eƒe ʋuʋua bia nane. Nuka?
3 Ebia xɔse kple ŋuɖoɖeŋu hafi Abram nate ŋu aɖe afɔ sia. Ele be eƒe tamesusu kple alesi wònɔa agbee natrɔ. Megale eƒe ƒometɔwo gbɔ nɔ ge ne woakpɔ eta o. Gake eɖo dzi ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ ye kple yeƒe aƒemetɔwo ta. Ame geɖewo ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu egbea le mɔ sia tɔgbe ke nu.
4 Ɣeyiɣi Kpui Dɔdasiwo: Èɖɔ yayra gbogbo si dona tsoa dɔwɔwɔ le anyigbamama si womede asi na ame aɖeke o me kpɔa? Le ƒe si va yi me le Ghana la, hame 183 kpe anyigbamama 206 siwo womede asi na ame aɖeke o la ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, gbeƒãɖela 269 siwo wɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela vevi dɔa kpe ɖe hame 94 ŋu wokpe anyigbamama siwo me womewɔa dɔ le kabakaba o la ɖo. Le ame aɖewo gome la nusia bia be woazɔ mɔ didiwo. Ðe viɖe aɖe tso esia wɔwɔ mea?
5 Nɔviŋutsu aɖe si tso California, U.S.A., amesi yi Utah ŋlɔ be: “Esi wotsɔe ɖo ŋkunyeme be manɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒo aɖe míaɖawɔ dɔ le anyigbamama si me womewɔa dɔ le kabakaba o la, mehe ɖe megbe vie gbã. Gake melɔ̃ xɔ dɔdasia. Menye ɖeko mevem be mexɔ dɔdasia o, ke boŋ etrɔ nye agbenɔnɔ hã. Medaa akpe na Yehowa gbesiagbe ɖe mɔnukpɔkpɔa ta be menɔ mɔzɔla siawo dome.” Nɔviŋutsu aɖe si tso Accra yi Gbegãdzi Ɣedzeƒe Nutome gblɔ be enye nuteƒekpɔkpɔ si dzi yeɖoa ŋkui vevie, si dzroa ye be yeagayi. Nɔvi bubu si yi Pakro le Ɣedzeƒe Nutome gblɔ be: “Enye mɔnukpɔkpɔ gã kple dzidzɔɣeyiɣi vevi aɖe le nye subɔsubɔdɔa me!” Gbeƒãɖela geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be subɔsubɔ ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã le afisi hiahiã lolo le wu dzia yewoƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ɖe edzi. Ðo dze kple amesiwo wɔe kpɔ. Àkpɔe be wokpɔ ŋusẽdodo le gbɔgbɔ me eye woadi be yewoagawɔe ake ne wona mɔnukpɔkpɔa wo. Amesiwo katã di be yewoakpɔ gome le dɔ sia me nabia ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na ŋkeke si dzi wodi be yewoadze egɔme.
6 Subɔsubɔ le afisi hiahiã lolo le wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔdasi xɔxɔ ate ŋu akpɔ tameɖoɖo bubu gbɔ. Amesiwo wɔnɛ nenema ate ŋu akpɔ nyatakaka vevi siwo akpe ɖe wo ŋu be “woabu nusiwo wòabia” be woaʋu yi dukɔa ƒe akpa bubu la ŋu.—Luka 14:28.
7 Yehowa ɖoe be yeana woaɖe gbeƒã nyanyuia “le xexe blibo la katã me” hafi nuwuwua naɖo. (Mat. 24:14) Ne ŋutetea le ŋuwò la, ɖe nàlɔ̃ aʋu ayi afisi hiahiã lolo le wu esi nusia le nyanya na wòa? Hiahiã sia le nuto geɖewo me.
8 Ʋuʋu Yi Afisi Hiahiã la Lolo le Wu: Amesi xɔ dzudzɔ le dɔmee nènyea? Gakpɔmɔnu aɖe le asiwòa? Ne mele alea o ɖe, ɖe nàte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ ɖokuisidɔa? Ðe nète ŋu kpɔa wò nuhiahiãwo gbɔ le afisiafi si nèle to telefon alo kɔmpiuta kadodo dzi alo to ɣeyiɣi kpui dɔ aɖe wɔwɔ dzia? Ne màte ŋu aʋu o la, ɖe nàte ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔ aɖe ŋu be wòasubɔ le afi bubua?
9 Ne le eŋu bubu gbedodoɖatɔe megbe nèse le ɖokuiwò me be yeate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo le ʋuʋu yi afisi hiahiã lolo le wu me nu la, ke dzro nya la me kple wò ƒomea kpakple hamemegã siwo le miaƒe hamea me. Emegbe ŋlɔ agbalẽ nàtsɔe na hamemegãawo ale be woaŋlɔ woƒe nyatakaka kple kafukafu akpe ɖe eŋu hafi aɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea.
10 Nya kae adze le wò lɛtaa me? Ƒe si nèxɔ, ƒe si me nèxɔ nyɔnyrɔ, wò agbanɔamedziwo le hamea me, ne enye srɔ̃tɔ alo tre, kpakple ne ɖevi suewo le asiwò. Gblɔ nuto alo du siwo me nèdi be yeasubɔ le, alesi wòasɔ ɖe wò nuhiahiãwo nui. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu anɔ afisi dzoxɔxɔ kple fifia lea? Ète ŋu nɔa todzinutowo mea? Èse gbe bubu aɖe kpe ɖe mia degbe ŋua?
11 Ðe didia le mewò eye nèɖe afɔ aɖe le eŋua? Ðe wò nɔnɔmewo ɖe mɔ na wò be nàsubɔ le afisi hiahiã lolo le wua? Ne nenemae la ekema te ewɔwɔ kpɔ nakpɔ alesi Yehowa dudua yayra madzudzɔmadzudzɔe ɖe amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu heɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ fiana la dzi!—Ps. 34:9; Mal. 3:10.