Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
1 Nɔnɔme nyuiwo megabɔ egbea o. Nukatae wòle nenema? Amewo tsi dzi ale gbegbe be bebli hafi wobua bubudeameŋu nya siawo, abe “Meɖe kuku,” “Akpe na Wò,” alo “Taflatse” ene, gbɔgblɔ ŋu. Mawu ƒe Nya la gblɔ alesi nɔnɔme gbegblẽ siawo ava bɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu nya ɖi esi wògblɔ be amewo anye ‘ɖokuilɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, ame madakpewo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ɖokuidzimaɖulawo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, ŋutasẽlawo.’ (Tim. II, 3:1-4) Nɔnɔme siawo katãe ƒo ƒu nye nɔnɔme gbegblẽwo. Esi Kristotɔwo nye Mawu ƒe amewo ta la, ele na wo be woanɔ ŋudzɔ be woagasrɔ̃ amemabumabu si le xexe sia me o.
2 Nukawoe Nye Nɔnɔme Nyuiwo? Woate ŋu aɖɔ nɔnɔme nyuiwo be wonye ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu bubu vevie, anyinɔnɔ kple ame bubuwo le ŋutifafa me. Nɔnɔme nyuiwo ƒe ɖewoe nye ameŋububu, nudzeamewɔwɔ, dɔmenyonyo, amebubu kple ŋuɖɔɖɔɖo. Nɔnɔme siawo tsoa lɔlɔ̃ si le ame si na Mawu kple amehavi gbɔ. (Luka 10:27) Míexea fe ɖe wo ta o, gake wonye nu vevitɔwo le alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu me.
3 Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu si de blibo ɖi. Ewɔ ɖe Sikasededea dzi ɣeawokatãɣi be: “Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Luka 6:31) Ðe alesi Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le bubu kple lɔlɔ̃ mɔnu mewɔa nuku na mí oa? (Mat. 11:28-30) Nɔnɔme nyui siwo wòɖe fia metso nɔnɔme nyui ŋuti gɔmeɖosegbalẽ dzro aɖe ko me o. Wotso dzi si yɔ fũ kple anukwareɖiɖi kpakple dɔmenyonyo me. Ele be míadze agbagba asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.
4 Ɣekaɣie wòle be Kristotɔwo naɖe nɔnɔme nyuiwo afia? Le ɣeyiɣi tɔxɛ siwo me wodi be yewoadze ame ŋu koa? Ðe wòle be woaɖe wo afia ne wole didim be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzia? Ao! Ele be míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia ɣesiaɣi. Nukawo mee wòle be míatsɔ ɖe le vevie ne míele ha dem kple ame bubuwo le hamea me?
5 Le Fiaɖuƒe Akpata Me: Fiaɖuƒe Akpataa nye míaƒe tadeaguƒe. Míeyia afima elabena Yehowa Mawue kpe mí. Le susu ma ta, míenye amedzrowo. (Ps. 15:1) Ðe míenyea amedzro kpɔɖeŋunyuiɖolawo ne míeva Fiaɖuƒe Akpata mea? Ðe míeléa fɔ ɖe míaƒe awudodo kple lekewɔwɔ ŋu alesi sɔa? Nyateƒee, ele be míaɖoe be míaƒo asa na lekewɔwɔ siwo mesɔ o alo esiwo gbɔ eme. Eɖanye takpekpe gãwo alo míaƒe hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewoe Yehowa ƒe amewo yina o, wode dzesi wo be wodoa awu ɖe ɖoɖo nu alesi dze amesiwo gblɔna be Mawu vɔ̃lawoe yewonye. (Tim. I, 2:9, 10) Eyata míeɖea ameŋububu si dze fiaa míaƒe Amekpela si le dziƒo kple amedzro bubu siwo wokpe siaa.
6 Mɔ bubu si dzi míeɖea nɔnɔme nyuiwo fiana le kpekpewo me enye gamedzinɔnɔ. Enye nyateƒe be esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ame aɖewo atso didiƒewo alo ƒome gãwo anɔ ame aɖewo si siwo ƒe dzadzraɖo gbɔ wòle be woakpɔ. Gake wode dzesii le hame aɖewo me be eva zu numame na gbeƒãɖela 25 le alafa me be wova ɖoa kpekpeawo me le hadzidzi kple gbedodoɖa si wotsɔ ʋua enui vɔ megbe. Esia nye ŋkubiãnya. Esɔ be míaɖo ŋku edzi be nɔnɔme nyuiwo fia ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu bubu. Yehowa, míaƒe Amekpela dɔmenyotɔ, wɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmekplɔ̃ siawo ŋu hena míaƒe viɖe. Míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple ɖetsɔleme ɖe eƒe seselelãmewo ŋu fiana ne míeva ɖe game dzi. Gakpe ɖe eŋu la, kpekpewo mavamava ɖe game dzi ɖea toɣli ame bubuwo eye woɖea amesiwo va ɖe game dzi ŋu mabumabu fiana.
7 Ne míekpe ta ɖekae la, ɖe míeléa ŋku ɖe ame yeye siwo va ŋua? Dzadodo na wo nye nɔnɔme nyuiwo ƒe akpa aɖe. (Mat. 5:47; Rom. 15:7) Gbedodo na wo vividoɖeameŋutɔe, asinana si me dzo le, nukomoe ɖoɖo—wo katã nye nu suesuewo, gake wokpe ɖe nusiwo dea dzesii mí be míenye Kristotɔ vavãwo ŋu. (Yoh. 13:35) Esi ŋutsu aɖe va Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ vɔ megbe la, egblɔ be: “Medo go ame geɖe siwo lɔ̃a ame ŋutɔŋutɔ, evɔ wonye amedzrowo kuraa, le ŋkeke ɖeka dzi wu esiwo medo goe kpɔ le subɔsubɔha si me wonyim le. Eme kɔ ƒã be nyateƒea ŋue meke ɖo.” Nusi do tso eme enye be, etrɔ eƒe agbenɔnɔ, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ɣleti adre megbe. Ẽ, nɔnɔme nyuiwo ate ŋu awɔ nu nyui geɖe!
8 Ne míewɔa nu ɖe amedzro siwo míedoa goe ŋu le bubu mɔ nu la, ɖe míawɔe “vevietɔ na haxɔsetɔwo” geɖe wu oa? (Gal. 6:10) Gɔmeɖose sia sɔ be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã [alo nyagã] ɖeɖi la.” (Mose III, 19:32) Mele be míaŋe aɖaba aƒu amesiawo dzi le míaƒe kpekpewo me gbeɖe o.
9 Toɖoɖo Nyuie: Le hamea ƒe kpekpewo me la, Mawu subɔla Kristotɔwo ƒoa nu be woatsɔ gbɔgbɔmenunanawo atu mí ɖo. (Rom. 1:11) Ekema anye nɔnɔme gbegblẽ ɖeɖefia le mía gome ne míanɔ akɔlɔ̃e dɔm, anɔ chewing gum (aŋekpetike) ɖum toɣliɖeɖetɔe, anɔ dalĩ dom enuenu na amesi le míaxa, anɔ nugododeƒe yim madzemadzee, anɔ agbalẽ bubu xlẽm, alo anɔ nu bubuwo wɔm le kpekpeawo me. Ele be hamemegãwo naɖo kpɔɖeŋu nyuiwo le go sia me. Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo aʋa mí míade bubu si sɔ nuƒola kple Biblia me gbedasi siwo gblɔm wòle la ŋu to alesi míaɖo toe me.
10 Azɔ hã bubudede nuƒola kple nyaselawo siaa ŋu ana míakpɔ egbɔ be nyatakakaxɔmɔ̃wo kple kotokumetelefonwo manɔ míaƒe kpekpeawo me tsom madzemadzee o.
11 Nɔnɔme Nyuiwo Kple Ðeviwo: Ele be dzilawo nanɔ ŋudzɔ ɖe wo viwo ƒe agbenɔnɔ ŋu ɣesiaɣi. Ne ɖevi aɖe dze avifafa alo te nugbenugbewɔwɔ le kpekpewo me eye esia le toɣli ɖem ame bubuwo la, asɔ be woakplɔ ɖevia ado goe enumake le nyaselawo dome ava ble enu. Esia wɔwɔ asesẽ ɣeaɖewoɣi, gake ɖo ŋku edzi be esia fia be ètsɔa ɖe le ame bubuwo ƒe seselelãmewo me. Dzila siwo si ɖevi sue siwo ate ŋu ava nɔ nugbenugbe wɔm tianɛ be yewoanɔ megbezikpuiwo dzi ale be yewoagaɖe toɣli ame geɖe ne eva hiã be woado go esime kpekpea le edzi yim o. Nyateƒee, ame bubuwo ate ŋu aɖe ameŋububu si dze afia ƒomewo to megbezikpuiwo gbegblẽɖi na amesiawo tɔgbe be woazã.
12 Ele be dzilawo nanɔ ŋudzɔ ɖe wo viwo ƒe agbenɔnɔ ŋu do ŋgɔ na kpekpeawo kple wo megbe. Mele be ɖeviwo nanɔ du ƒum le xɔa me o, elabena esia ate ŋu ahe afɔkuwo vɛ. Duƒuƒu anɔ xlã ƒom Fiaɖuƒe Akpata ate ŋu ahe afɔku vɛ, vevietɔ le fiẽwo me esi zã do ta. Nuƒoƒo sesĩe le Akpata godo ate ŋu aɖe toɣli aƒelikawo eye woaƒo nu gbegblẽ le míaƒe tadedeagu ŋu. Dzila siwo dze agbagba vevie le beléle na wo viwo le Fiaɖuƒe Akpata me kple egodo siaa ŋu dze na kafukafu, elabena esia naa míaƒe anyinɔnɔ ɖekae le ŋutifafa me vivina.—Ps. 133:1.
13 Le Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe amedzrowɔwɔ si mía nɔvi siwo tsɔ woƒe aƒewo na hena hame ƒe kpekpewo wɔwɔ ɖe fia la ŋu. Ne míeyina kpekpe siawo la, ele be míaɖe amebubu kpakple bubudede woƒe nunɔamesiwo ŋu afia. Ne míele gegem ɖe xɔa me la, ele be míatutu míaƒe afɔkpawo te nyuie be míagaƒo ɖi anyigba alo anyigbakuntruwo o. Ele be dzilawo nalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie, ahakpɔ egbɔ be wonɔ afisi woɖo ɖi hena agbalẽ me nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ko. Togbɔ be ƒuƒoƒoa anɔ sue eye míaɖe dzi ɖi hã la, mele be míanɔ nu wɔm yakayaka le ame bubu ƒe aƒeme o. Ele be dzila nakplɔ via ɖe asi ne eyina nugodo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi agbalẽ me nusɔsrɔ̃ nye hamea ƒe kpekpe ta la, ele be míadzra ɖo abe alesi míewɔnɛ ne míeyina Fiaɖuƒe Akpata me ene.
14 Nɔnɔme Nyuiwo Le Vevie: Menye ɖeko Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia ƒoa nu nyui tsoa míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ko o, ke enana kadodo nyuiwo nɔa mía kple ame bubuwo dome. (Kor. II, 6:3, 4, 6) Esi míenye dzidzɔ ƒe Mawua subɔlawo ta la, ele be wòanɔ bɔbɔe na mí be míaɖo nukomo, akpɔ dzidzɔ, ahawɔ nu suesue siwo ado dzidzɔ na ame bubuwo gɔ̃ hã. Nɔnɔme nyui siawo aɖo atsyɔ̃ na míaƒe agbe esi míenye mawumemewo ta.