Na Ðiɖiɖeme Nanɔ Nɔƒe si Sɔ
1 Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, mí katã míehiã ɖiɖiɖeme ɣeaɖewoɣi. Modzakaɖeɖe agbɔsɔsɔ aɖe sɔ. Gake ɣeyiɣi fũ zazã ɖe ɖiɖiɖeme, modzakaɖeɖe, kple hadede ŋu ate ŋu ana ame naɖe ŋu ɖi eye wòawɔe be ɣeyiɣi si wòazã ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu dzi aɖe akpɔtɔ. Esia lɔ kuteƒewo hã ɖe eme. Ele be míada ɖiɖiɖeme kple dɔwɔna bubuwo ɖe nɔƒe si sɔ. (Mat. 5:3) Aleke míawɔ esiae? To aɖaŋuɖoɖo si dze le Efesotɔwo 5:15-17 dzi wɔwɔ me.
2 Ðo Seɖoƒewo: Paulo ŋlɔ be ele be Kristotɔwo ‘nalé ŋku ɖe’ alesi wonɔa agbee nunyatɔe ŋu. Dadasɔ kple ɖokuidziɖuɖu hiã hafi woate ŋu aɖo seɖoƒe si tututu asɔ na ɖiɖiɖemeɣiwo. Esɔ be míabu alesi míezãna míaƒe vovoɣiwo ŋu nyuie. Ele be modzakaɖeɖe naɖe vi na mí wu be wòana míase le mía ɖokui me be míegblẽ míaƒe ɣeyiɣi alo be ɖeɖi te mía ŋu. Ne le gomekpɔkpɔ le dɔwɔna aɖe me vɔ megbe míese dziɖeleameƒo, dzidzememakpɔmakpɔ, kple fɔbuame aɖe ƒomevi ƒe seselelãme la, esia afia be ele be míagbugbɔ ɖɔɖɔɖo awɔ le alesi míewɔa míaƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔe ŋu.
3 Wɔ Nu Le Nunya Me: Paulo xlɔ̃ nu ku ɖe alesi ‘míaƒle ɣeyiɣi’ hena nusiwo le vevie wɔwɔ ŋu, bene míagazu “numanyamanyatɔwo” o. Kristotɔ ɖeadzɔgbewo mate ŋu aɖe mɔ ɖiɖiɖeme alo kuteƒeyiyi naxɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me o. Togbɔ be ɖiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe ŋutilãwo hã la, Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. (Yes. 40:29-31) Míexɔa eƒe gbɔgbɔa to teokrasi dɔ—siwo nye Biblia sɔsrɔ̃, kpekpewo dede, gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa—wɔwɔ me, ke menye le modzakaɖeɖe me o.
4 Ðo Nu Veviwo Nɔƒe Gbãtɔ: Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woayi edzi adze si nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.’ Yesu fia mí be ele be Mawu Fiaɖuƒea naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe dɔwɔnawo me le agbe me. (Mat. 6:33) Ele vevie be míatsɔ nusiwo wɔwɔ ana míanɔ agbe ɖe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa nu aɖo nɔƒe gbãtɔ. Emegbe míate ŋu aɖo ɖiɖiɖemeɣi nɔƒe si sɔ. Ne míewɔe alea la, ado ŋusẽ nyui mí, eye míase vivi nɛ geɖe.—Nyagb. 5:12.