Dzidzɔ Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me
1 Ðikeke mele eme o be abe sɔhɛ ene la, ànya bu wò etsɔme ŋu. Lododowo 21:5 gblɔ na mí be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” Ne èdea ŋugble le wò taɖodzinuwo ŋu vevie le agbe me la, aɖe vi na wò. Esime nèle wò ɖoɖowo wɔm ɖe etsɔme ŋu la, de ŋugble le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Nukatae?
2 Bia ame tsitsi siwo wɔ mɔɖeɖedɔa le woƒe sɔhɛmenɔɣiwo ne woagblɔ woƒe seselelãmewo na wò eye àkpɔ be nya ɖeka ma ke koe woagblɔ na wò, be: “Ɣeyiɣi mawoe nye ƒe vevitɔwo le nye agbe me!” Nɔviŋutsu aɖe si kpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me tso eƒe ɖekakpuime gblɔ le eƒe tsitsi me be: “Enyea dzidzeme blibo ne ame ate ŋu abu eƒe sɔhɛmenɔɣi ŋu agblɔ be yewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la dzi be: ‘Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.’” (Nyagb. 12:1) Ebia mia kple dziwòlawo siaa ƒe ɖoɖo nyui wɔwɔ fifia be nàte ŋu adi mɔ si dzi nàto akpɔ dzidzɔ sia tɔgbe le wò ɖekakpui alo ɖetugbui ŋkekewo me.
3 Dzilawo, Mide Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa ƒe Dzi Ƒo: Abe Fofo si tsɔa ɖe le eme ene la, Yehowa fiaa mɔ si tututu miato la mi. (Yes. 30:21) Le mɔfiame sia si me lɔlɔ̃ le la nana me la, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mi dzila Kristotɔwo. Le esi teƒe be miaɖe asi le mia viwo ŋu be woatia mɔ si nyo na woa ŋutɔwo la, mina mɔ si dzi woato la ƒe hehe wo nunyatɔe ale be Yehowa nayra wo. Ekema ne wotsi la, hehe si miena wo akpe ɖe wo ŋu ‘woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Heb. 5:14) Nuteƒekpɔkpɔ na ame tsitsiwo nyae be yewomate ŋu aka ɖe yewo ŋutɔwo ƒe nyametsotsowo dzi o; ele be yewoaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòata mɔ na yewo. (Lod. 3:5, 6) Esia hiã na sɔhɛwo vevie gɔ̃ hã wu, le esi nuteƒekpɔkpɔ boo mesu wo si le agbe me o ta.
4 Dzilawo, ne mia viwo le ƒewuiwo me ɖom, alo dɔ ŋgɔ na ema gɔ̃ hã la, miƒo nu tso dɔ si woawɔ ƒe taɖodzinuwo ɖoɖo ŋu na wo eme nakɔ. Suku me ɖaŋuɖolawo, nufialawo, kple sukuxɔmehatiwo adze agbagba be yewoaƒoe ɖe wo nu woati xexemenu siwo nye ŋutilãmenuwo didi yome. Mikpe ɖe mia viwo ŋu woatia sukunufiafia siwo me wofiaa asinudɔwo le, si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ eye womatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo asa vɔe o. (Tim. I, 6:6-11) Zi geɖe la, sekɛndri suku dede tsɔ kpe ɖe asinudɔsrɔ̃suku kple dɔsɔsrɔ̃ ŋu koe nye nusi ame ahiã be wòate ŋu akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie ahadze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme.
5 Mide dzi ƒo na sɔhɛwo be woadi trenɔnɔ ƒe nunana la. Ne wova tso nya me emegbe be yewoaɖe srɔ̃ la, woate ŋu adzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe me agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu wu. (Kpɔ May 15, 1992, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14, memama 18.) Ne èƒoa nu nyui tsoa mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, subɔsubɔ le afisi hiahiã le wu, subɔsubɔ le Betel, kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu la, ànɔ alesi woanɔ agbe ɖe mɔ si dzɔa dzi na Yehowa, si ɖea vi na ame bubuwo, eye wòhea dzidzɔ vɛ na ame ŋutɔe la ƒe dzodzro ƒãm ɖe sɔhɛwo me tso woƒe ɖevime ke gɔ̃ hã.
6 Sɔhɛwo, Miɖo Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ Nɔƒe Gbãtɔ: Sɔhɛwo, mehiã be miaƒe susu nanɔ wɔwɔm eveve le alesi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ŋu o. Miate ŋu atsɔ ɣeyiɣi kpui aɖewo anɔ etem kpɔ to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɣesiaɣi si wòanya wɔ le sukudeɣi kple mɔkeɣiwo me le ƒea me. Ekema miakpɔ alesi dzidzeme le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ mee! Ðe nàte ŋu awɔ wò ɖoɖo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa fifia kple le mɔkeɣi didiwo mea?
7 Ne ènye ɖekakpui le Mawu ƒe habɔbɔa me la, bu tame vevie hã le alesi nàwɔ adze anye subɔsubɔdɔwɔla ŋu. (Tim. I, 3:8-10, 12) Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu atso nya me be yeade asi agbalẽ te hena subɔsubɔ le Betel alo be nàde Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua ne ènya ɖo ƒexɔxɔ ƒe nudidia gbɔ ko. Nuteƒekpɔkpɔ si asu asiwò le mɔɖeɖedɔa me afia nu vevi aɖewo wò, siwo dometɔ aɖewoe nye alesi woazɔ ɖe ɖoɖowɔɖi nu, alesi nàwɔ be wò ŋutɔ wò ɖoɖowo naganyo ɖe edzi, alesi nàwɔ ƒomedodo nyui nanɔ mia kple ame bubuwo dome, kple alesi nàbu agbanɔamedziwoe. Esiawo katã adzra wò ɖo hena subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gãwo tsɔtsɔ emegbe.
8 Nu vevi si naa wokpɔa dzidzedze le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa mee nye teokrasidɔwo wɔwɔ moveviɖoɖotɔe ƒe gbɔgbɔ ƒe amesinɔnɔ. Apostolo Paulo de nɔnɔme sia ƒe dzi ƒo heɖe yayra siwo míakpɔ tso eme la gblɔ be: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, . . . esi mienya bena miaxɔ domenyinyi ƒe teƒeɖoɖo tso Aƒetɔ gbɔ la.” (Kol. 3:23, 24) Yehowa neyra mi miakpɔ dzidzɔ geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me!