INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/02 axa 1
  • De Asixɔxɔ Teokrasi Nuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • De Asixɔxɔ Teokrasi Nuwo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo Zazã Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Miwɔ Míaƒe Magazinewo Kple Agbalẽwo Ŋu Dɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Agbalẽ Nana le Anyigbamama si me Gbevovodolawo Le Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Mizã Wo Tsɔ Wu Be Miatsɔ Wo Akɔ Ðe Nudzraɖoƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 9/02 axa 1

De Asixɔxɔ Teokrasi Nuwo Ŋu

1 Esime Fia Yosiya nɔ ɖoɖo wɔm be woadzra gbedoxɔa ɖo la, ekafu amesiwo wotsɔ dɔa de asi na be: ‘Womabu akɔnta kpli wo le ga, si wotsɔ de wo si la ŋuti o, elabena wowɔe le anukwareɖiɖi me.’ (Fia. II, 22:3-7) Alesi ŋutsu mawo de asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu dze ƒã le alesi wolé be na nusiwo wode wo sii la me. Nenema kee wòle le egbeŋkekea hã me, esime míele Mawu ƒe nyanyui gbɔgblɔdɔ kɔkɔea wɔm la, ehiã be míaɖi anukware le nusiwo wode mía si me.

2 Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me: Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbedasi vevi siwo le míaƒe agbalẽwo me ŋu kple enyanya be wozã ga geɖe le wo tata me wɔnɛ be míedea asixɔxɔ wo ŋu vevie. Mele be míanɔ míaƒe agbalẽwo mam yakayaka na amesiwo mekpɔa ŋudzedze ŋutɔŋutɔ ɖe Biblia ƒe gbedasia ŋu o. Ne ame aɖe mekpɔ ŋudzedze ɖe nyanyuia ŋu tututu o la, míate ŋu ana trakt amea ɖe agbalẽ teƒe.

3 Ma agbalẽ siwo nèxɔ be yeana la le mɔ si aɖe asixɔxɔ si le wo ŋu fia nu. Mèganɔ agbalẽwo gblẽm ɖi na amewo ɖe gbadzaƒe siwo ya ate ŋu akplɔe dzoe bɔbɔe o. Be míaganɔ agbalẽwo dome gblẽm yakatsyɔ o la, ele be míaxlẽ agbalẽ siwo le mía si xoxo le aƒeme ƒe agbɔsɔsɔ hafi axɔ bubuwo akpee. Ne magazine ɖesiaɖe ƒe tata susɔna ɖe asiwò edziedzi la, ke bu alesi nàɖe xexlẽme si nèxɔna dzi akpɔtɔe ŋu.

4 Agbalẽ Siwo Mía Ŋutɔwo Míazã: Ele be míadɔ agbalẽ siwo míehiã ŋutɔŋutɔ la ko. Ehiã vevie be míada asɔ ne míele Biblia siwo ŋu wowɔ sikatsi ɖo, Reference Bibles, kple agbalẽ gã bubuwo, abe Concordance, Index, Insight bablawo, kple Proclaimers gbalẽawo ene dɔm, elabena wo wɔwɔ lɔ ga zazã geɖe ɖe me.

5 Ðe nèɖoa ŋku edzi ŋlɔa wò ŋkɔ kple adrɛs ɖe wò agbalẽwo dzia? Esia ɖea agbalẽ bubuwo xɔxɔ ɖe esiwo bu teƒe dzi kpɔtɔna. Ne wò hadzigbalẽ, Biblia, alo nusrɔ̃gbalẽ aɖe bu la, ɖewohĩ àkpɔe le nu bubu siwo wofɔ da ɖe Fiaɖuƒe Akpata alo takpekpe gbadɔa gɔme la me.—Luka 15:8, 9.

6 Mina míadze agbagba azã míaƒe agbalẽwo nyuie. Esia anye mɔ siwo dzi míato aɖi anukware le asixɔxɔ dede Fiaɖuƒea ƒe nu siwo Yehowa de mía si ŋu me.—Luka 16:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe