Ðo Ŋku Nuteƒewɔla Tsitsiwo Dzi
1 Togbɔ be Hana xɔ ƒe 84 eye wònye ahosi hã la, “medzona le mawuƒe la me o.” Eƒe nuteƒewɔwɔa na Yehowa na teƒeɖoɖo tɔxɛ aɖee. (Luka 2:36-38) Egbea la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe ɖea nɔnɔme si sɔ kple Hana tɔ fiana togbɔ be wotoa nɔnɔme sesẽwo me hã. Dzi ate ŋu aɖe le nuteƒewɔla siawo ƒo ɣeaɖewoɣi ne wòva dzɔ be woakpe akɔ kple lãmesẽkuxiwo alo gbɔdzɔgbɔdzɔ le tsitsi ta. Mina míade ŋugble le mɔ vevi aɖe siwo dzi míate ŋu ade dzi ƒo na wo ahakpe ɖe wo ŋu be woalé gbɔgbɔmeɖoɖo nyui me ɖe asi ŋu kpɔ.
2 Kpekpewo Kple Gbeadzisubɔsubɔdɔa: Ne amewo wɔ ʋu ƒe ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe na ame tsitsi nuteƒewɔla siawo la, anɔ bɔbɔe na wo dometɔ geɖe be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi. Esia tua subɔla nuteƒewɔla xoxo siawo ɖo le gbɔgbɔ me eye wòɖea vi na hamea hã. Ðe nèkpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me kpɔa?—Heb. 13:16.
3 Gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ edziedzi naa Kristotɔ vavawo kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. Gake ema wɔwɔ ate ŋu asesẽ na ame tsitsiwo kple amesiwo gbɔdzɔ. Ðe wòanɔ bɔbɔe be lɔlɔ̃tɔ siawo dometɔ ɖeka nava zu wò ‘hadɔwɔla’ le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa aɖe mea? (Rom. 16:3, 9, 21) Ðewohĩ àte ŋu akpee be wòawɔ telefondziɖaseɖiɖidɔa kpli ye alo be wòakplɔ wò miava wɔ tɔtrɔyi alo Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe. Ne ŋutete mele ame tsitsia ŋu be wòado go o la, ɖe nàte ŋu ana Biblia-nusrɔ̃via nava ne miawɔ nusɔsrɔ̃a le nɔvia ƒe aƒe mea?
4 Nusɔsrɔ̃ Kple Hadede: Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo kpea ame tsitsi alo amesi gbɔdzɔ be wòava kpɔ gome le yewoƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me, alo woyia nɔvi ma ƒe aƒeme kura gɔ̃ hã va wɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ le afima. Vidada aɖe kplɔ via sue eve woyi ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ƒe aƒeme hena nusɔsrɔ̃ si wowɔna le Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me la wɔwɔ, eye hadede si yi edzi la de dzi ƒo na wo ale gbegbe. Amesiawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe wo kpekpe be woakpɔ gome le nuɖuɖu alo hadomenuwɔna bubu aɖe me kple nɔvi bubuwo ŋu. Ne asesẽ akpa na amesiwo gbɔdzɔ be woazɔ mɔ ava gbɔwò la, ɖewohĩ àte ŋu ayi wo gbɔ hena ɣeyiɣi kpuie aɖe, axlẽ nu, alo ado gbe ɖa kpli wo ɖekae, alo agblɔ nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo aɖe na wo.—Rom. 1:11, 12.
5 Yehowa dea asixɔxɔ nuteƒewɔla tsitsiwo ŋu. (Heb. 6:10, 11) Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne míedea bubu kple asixɔxɔ amesiawo ŋu eye míekpe ɖe wo ŋu be woalé gbɔgbɔmeɖoɖo nyui me ɖe asi.