Na Kpekpeɖeŋu le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi
1 Ðetsɔleme si nɔ apostolo Petro si na nɔvia xɔsetɔwoe ʋãe wògblɔ ŋkuɖodzinya kple dzideƒonamenya siwo me lɔlɔ̃ le na wo esi wòkpɔe be ehiã be yeado ŋusẽ wo. (Pet. II, 1:12, 13; 3:1) Exlɔ̃ nu “amesiwo kpɔ xɔse xɔasi” la be woayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me nɔnɔmewo tutuɖo me ale be womagava zu “kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo la me o.” (Pet. II, 1:1, 5-8) Petro ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpe ɖe wo ŋu be woaka ɖe alesi Yehowa kpe wo hetia woe la dzi vevie, be woate ŋu akpɔ wo “le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me.” (Pet. II, 1:10, 11; 3:14) Eƒe dzideƒonamea nye kpekpeɖeŋu na wo dometɔ geɖe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
2 Egbea la, Kristotɔ dzikpɔlawo ɖea ɖetsɔleme ma ke fiaa Mawu ƒe amewo. Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, ele be Yehowa subɔlawo dometɔ geɖe nado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. (Tim. II, 3:1) Le gakuxi, ƒomekuxi, alo ame ŋutɔ ƒe kuxi siwo me tom míele ta la, ɖewohĩ ame aɖewo ase le wo ɖokui me abe Dawid ene be: “Elabena fukpekpewo ɖe to ɖem taŋtaŋ, nye vodadawo lém, womele kpɔkpɔ me nam o; wosɔ gbɔ wu nye taɖa; eye nye dzi gblẽm ɖi.” (Ps. 40:13) Kuxi siawo nu ate ŋu asẽ ale gbegbe be woana ame mawo naŋe aɖaba aƒu gbɔgbɔmenu siwo le vevie dzi eye woadzudzɔ dzotsɔtsɔ ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Togbɔ be wole nɔnɔme sesẽ mawo me tom hã la, ‘womeŋlɔ Yehowa ƒe seawo be o.’ (Ps. 119:176) Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be hamemegãwo nana kpekpeɖeŋu si hiã amesiawo.—Yes. 32:1, 2.
3 Be hamemegãwo nate ŋu akpɔ hiahiã sia gbɔ la, wode dzi ƒo na wo be woadze agbagba etɔxɛ akpe ɖe amesiwo mele gome kpɔm fifia le gbeƒãɖeɖedɔa me o ŋu. Wole agbagbadzedze vevi si hiã be woakpɔ esia gbɔ ƒe ɖoɖo wɔm fifia eye wòayi edzi vaseɖe March me. Wole biabiam tso agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo si be woanɔ amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe kple kpekpewo dede hena ɣeyiɣi aɖe la srãm kpɔ eye be woana gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu si agbugbɔ wo aɖo te hena dɔwɔwɔ ɖekae kple hamea la wo. Afisi wòahiã le la, woate ŋu awɔ ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo na wo. Woate ŋu abia tso gbeƒãɖela bubuwo si be woana kpekpeɖeŋu. Ne wobia tso asiwò be nana kpekpeɖeŋu la, wò agbagbadzedzewo ate ŋu aɖe vi ŋutɔ, vevietɔ ne ètsɔ tufafa kple nugɔmesesename de dzi ƒo na woe.
4 Esɔ be mí katã míakpɔ dzidzɔ ne ame aɖe gbugbɔ dze dɔwɔwɔ gɔme kple hamea. (Luka 15:6) Ate ŋu adzɔ be míaƒe agbagbadzedze be míade dzi ƒo na amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la nazu “nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi” nyateƒe.—Lod. 25:11.