‘Wɔ Nunana la Ŋudɔ’
1 Gbeɖeka esi Yesu nɔ nu ƒom tso srɔ̃ɖeɖe ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo la, eyɔ trenɔnɔ be enye ‘nunana.’ Emegbe egblɔ be: ‘Amesi ke ate ŋu awɔ eŋudɔ la newɔ eŋudɔ.’ (Mat. 19:10-12) Le ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ nu tso viɖe siwo le trenɔnɔ ŋu eye wòde dzi ƒo na amewo be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋu ne woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee. (Kor. I, 7:7, 38) Ame geɖe wɔ trenɔnɔ ‘ŋudɔ’ egbea eye wole eƒe viɖewo kpɔm. Viɖeawo dometɔ aɖewoe nye kawo?
2 Subɔsubɔ ‘Susuhenuwo Manɔmee’: Paulo se egɔme be trenɔnɔ na mɔnukpɔkpɔ ye yesubɔ Yehowa ‘susuhenuwo manɔmee.’ Nenema ke egbea la, nɔviŋutsu si nye tre ate ŋu aminyã Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua dede, eye zi geɖe la, amesi nye tre ate ŋu akpɔ vovo wu awɔ mɔɖeɖedɔa, asrɔ̃ gbe bubu, aʋu ayi afisi hiahiã lolo wu le, asubɔ le Betel, alo atsɔ eɖokui ana ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ bubu aɖe ŋu. Ɣeyiɣi geɖe ate ŋu anɔ esi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede eye wòate ŋu aƒo nu tso dzime faa na Yehowa le gbedodoɖa me. Zi geɖe la, ɣeyiɣi geɖe nɔa tre si be wòatsɔ ana kpekpeɖeŋu ame bubuwo. Nusiawo katã nyea ‘ame ŋutɔ ƒe viɖe.’—Kor. I, 7:32-35; Dɔw. 20:35.
3 Subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu susuhenuwo manɔmee alea nana wokpɔa teƒeɖoɖo geɖe. Esi nɔvinyɔnu tre aɖe si le Kenya xɔ ƒe 27 megbe la, eŋlɔ be: “Xɔlɔ̃ geɖe kple dɔwɔna gbogbo aɖe su asinye ale gbegbe! Míewɔa nuwo ɖekae eye míesrãa mía nɔewo kpɔna. . . . Mete ŋu wɔ ablɔɖe kple nuwo wɔwɔ faa ƒe mɔnukpɔkpɔ si trenɔnɔ nana la ŋudɔ tsɔ ƒo ɖokuinye ɖe subɔsubɔdɔa me geɖe wu, eye esia na mekpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Le ƒe geɖe megbe la, mía kple Yehowa dome ƒomedodo va le kplikplikpli wu.”
4 Wɔ Eŋudɔ: Yesu gblɔ be ele be didi si anɔ ame me ɖe trenɔnɔ ƒe nunana la ŋudɔwɔwɔ ŋu nanye “le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti.” (Mat. 19:12) Abe alesi wòle le nunana ɖesiaɖe gome ene la, ele be woawɔ trenɔnɔ ŋudɔ nyuie wòahe dzidzɔ kple viɖewo vɛ na ame. Mɔnukpɔkpɔ siwo trenɔnɔ ʋuna ɖi na ame ŋudɔwɔwɔ nyuie kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu hena nunya kple ŋusẽdodo na ame geɖe siwo nye trewo va se asixɔxɔ si le nunana la ŋudɔwɔwɔ ŋu gɔme.