Dukɔwo Dome Fiaɖuƒe Akpata Tutu le Europa Dukɔ Aɖewo Me
1 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le Europa-dukɔ aɖewo, siwo me Ɣedzeƒe Europa hã le, me. Mɔxeɖenua nu sẽ ŋutɔ le dukɔawo dometɔ akpa gãtɔ me. Menɔ bɔbɔe be woawɔ kpekpewo gaglãa o, eye esesẽ be Fiaɖuƒe Akpata nanɔ hame aɖe si wòazã. Gake le ƒe siawo me la, ‘Yehowa wɔ nu gã aɖe na mí, eyata dzi le mía dzɔm!’—Ps. 126:3.
2 Tso ƒe 1983 me la, Yehowa Ðasefowo teteɖeanyi ŋutasesẽtɔe dzi ɖe kpɔtɔ vie. Kaka ƒe 1989 naɖo la, Poland kple Hungary da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu. Le ƒe 1991 me la, wode Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le Russia. Tso ɣemaɣi la, dɔa kpɔ dzidzedze le Russia kple dukɔ siwo nɔ Soviet Union si nɔ anyi tsã la me. Tso March 1996 va ɖo October 1998 la, Dziɖuha la da asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata 359 tuga si alɔdzedɔwɔƒe siwo le Europa-dukɔ 11 ƒe dɔwo dzi kpɔm bia be woado na yewo la dzi.
3 Esi nèle foto siwo le emedegbalẽvi sia me kpɔm la, de ŋugble le nu gã wɔnuku siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo ŋu kpɔ. (Ps. 136:4) Adzɔ dzi na wò be nàkpɔe be wole ga siwo dzɔm xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa le la zãm nyuie ale gbegbe be wòɖe Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Yohanes 13:35 fia bena: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”
4 Europa-dukɔ siwo Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔ siwo me nu mede amewo dzi le boo o ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖoa le vi ɖem na dometɔ ɖekae nye Romania, afisi wotu Fiaɖuƒe Akpata 36 le tso July 2000 me. Ukraine zã xɔ ƒe nɔnɔmetata ɖeka tɔgbe le Fiaɖuƒe Akpata 61 siwo wotu le ƒe 2001 me la tutu me, eye wogatu 76 bubu kpee le ƒe 2002 me. To Fiaɖuƒe Akpata Tutu ƒe Gadzɔɖoɖoa dzi la, wotu Fiaɖuƒe Akpata alafa geɖe le Bulgaria, Croatia, Macedonia, Moldova, Russia, kple Serbia kple Montenegro.
5 Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔ aɖewo me menɔ bɔbɔe kura o, eye ebia agbagbadzedze geɖe hafi woate ŋu adze xɔawo tutu gɔme. Zi geɖe la, dzadzraɖodɔawo xɔa ɣeyiɣi geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, Fiaɖuƒe Akpata tutu le Europa ƒe akpa mawo xɔ asi ŋutɔ wu ga si woazã ɖe esiwo woatu le Afrika-dukɔ geɖe alo Anyiehe Amerika me ŋu. Ke hã, Yehowa subɔlawo ƒe dzidziɖedzi gã la na be Fiaɖuƒe Akpata alafa geɖewo kpɔtɔ hiã kokoko le Europa-dukɔ siwo me nu mede amewo dzi boo o la me!
6 Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míakpɔ be Fiaɖuƒe Akpata siawo tutu le afɔ tsɔm vevie! Enye ɖaseɖiɖi nyui aɖe le nuto siwo me wotu wo le, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ geɖe ɖee fia ene. Le nuto aɖewo me la, alesi nɔviawo lɔ̃na faa wɔna ɖe xɔtusewo dzii la wɔ dɔ ɖe dumegãwo dzi ale gbegbe.
7 Nya si Yesaya gblɔ ɖi tso tadedeagu vavãtɔ ƒe dzidziɖedzi ŋu le ɣeyiɣi sia me le eteƒe. Mawu to nyagblɔɖilaa dzi gblɔ ɖi be: “Nye Yehowa, nye ŋutɔ mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.” (Yes. 60:22, NW) Le nyateƒe me la, eɖe dzesi ƒã be Yehowa na dzidziɖedzi geɖe va Ɣedzeƒe Europa le ƒe ewo siwo va yi me. Esi míeyi edzi le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpata Tutu ƒe Gadzɔɖoɖoa ŋu la, neva eme be Yehowa nayi edzi adudu eƒe yayra gbagowo ɖe agbagba siwo dzem míele be míado tsɔtsɔe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔ geɖewo me la dzi! Esia ana míagatu Fiaɖuƒe Akpata bubu geɖewo le dukɔ siwo me nu mede amewo dzi boo o me. Ana tadedeagu vavãtɔa nakeke ta le Europa ƒe akpa geɖe eye wòanye ɖaseɖiɖi gã aɖo “anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 13:47.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]
Moscow, Russia, xɔ gã ɖeka si me Fiaɖuƒe Akpata vovovo le
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4-6]
Fiaɖuƒe Akpata Yeyewo le Ɣedzeƒe Europa
Strumica, Macedonia
Daruvar, Croatia
Sokal, Lviv Nuto, Ukraine
Bitola, Macedonia
Sofia, Bulgaria
Plovdiv, Bulgaria
Krasnooktyabriskiy, Maykop Nuto, Russia
Bački Petrovac, Serbia kple Montenegro
Tlumach, Ivano-Frankivsk Nuto, Ukraine
Rava-Ruska, Lviv Nuto, Ukraine
Stara Pazova, Serbia kple Montenegro
Zenica, Bosnia kple Herzegovina
Sokal Lviv Nuto, Ukraine
Zhydachivl Lviv Nuto, Ukraine