INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/03 axa 8
  • Yayra Siwo le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yayra Siwo le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mɔɖeɖedɔa—Míaƒe Ɣeyiɣi Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 8/03 axa 8

Yayra Siwo le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me

1, 2. Yayra kawoe le mɔɖeɖedɔa me, eye nukatae?

1 Mɔɖela aɖe gblɔ be: “Menyae be dɔ bubu aɖeke mate ŋu ana makpɔ dzidzeme si mekpɔ le nyanyuia gbɔgblɔ na amewo me o.” Bubu hã gblɔ be: “Le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, medɔa alɔ̃ nyuie eye dzidzɔ yɔa nye dzime fũ.” Mɔɖela siawo ƒo nu ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ɖɔ yayra siwo le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me kpɔ, la nu.—Lod. 10:22.

2 Kpekpe ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe Nya la me sidzedze si naa agbexɔxɔ nasu wo si la naa dzidzeme akuakua. (Dɔw. 20:35; Tes. I, 2:19, 20) Mɔɖela aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi didi aɖe ŋlɔ be: “Alesi Mawu ƒe Nya doa ŋusẽ amewo be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me la doa dzidzɔ na ame hedoa ŋusẽ xɔse.” Ẽ, yayrawo abe esiawo ene sua mɔɖelawo si ne wotsɔ wo ɖokui ke faa be woana kpekpeɖeŋu amewo ahasrɔ̃ Biblia kpli wo.

3, 4. Aleke mɔɖeɖedɔa fiaa ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu amee, eye aleke esia kpena ɖe ame ŋu wòtsina le gbɔgbɔ mee?

3 Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu: Alesi mɔɖelawo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu gbesiagbe le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me kpena ɖe wo ŋu be wotsea ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo’ eye wònyea ametakpɔkpɔ na wo. (Gal. 5:16, 22, 23) Azɔ hã esi mɔɖelawo zãa Mawu ƒe Nya la ɣesiaɣi ta la, wobina ɖe Ŋɔŋlɔawo zazã atsɔ ʋli nyateƒea ta kpakple ezazã le ŋusẽdodo ame bubuwo me nyuie. (Tim. II, 2:15) Nɔviŋutsu aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa kpe ɖe ŋunye be Biblia ŋuti sidzedze deto su asinye, sidzedze si mezã tsɔ na kpekpeɖeŋu ame geɖe wova nya Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo.” Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye esi!

4 Ele be gbesiagbe mɔɖelawo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le mɔ bubu geɖewo hã nu. Woƒe xɔse gasẽna ɖe edzi ne wokpɔ alesi Yehowa yrana ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi le woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Gbesiagbe mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 72 eye wòwɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 55 sɔŋ la gblɔ be: “Yehowa megblẽm ɖi kpɔ gbeɖe o.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mɔɖelawo ƒe agbe tsɛ nɔnɔ kpɔa wo ta tso agbe ƒe dzimaɖitsitsiwo me. Ðe esia medzɔ dzi na wò oa?—Mat. 6:22; Heb. 13:5, 6.

5. Aleke mɔɖeɖedɔa kpena ɖe ame ŋu wòtena ɖe Yehowa ŋui?

5 Tete Ðe Mawu Ŋu: Ƒomedodo si le mía kple Yehowa domee nye nu vevitɔ kekeake. (Ps. 63:4) Ne lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ʋã mí míekpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe la, enana ƒomedodo sia me sẽna ɖe edzi. (Yak. 4:8) Mɔɖela aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 18 kple edzivɔ gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa naa ‘míeɖɔnɛ kpɔna be Yehowa ƒe dɔme nyo,’ eye wònaa ƒomedodo si le mía kple mía Wɔla la dome sẽna ɖe edzi gbesiagbe.”—Ps. 34:9.

6. Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ mɔɖelawo si, eye amekawo hãe woƒe dɔa ɖea vi na?

6 Tsɔ kpe ɖe nɔnɔme siwo ana mɔɖelawo nate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa si anɔ wo si ŋu la, ele be woatu xɔse sẽŋu, lɔlɔ̃ vavã na Mawu kpakple wo havi, kple lɔlɔ̃ faa be yewoatsɔ yewo ɖokui asa vɔe hã ɖo. (Mat. 16:24; 17:20; 22:37-39) Ke hã dzidzɔ si dzena le mo na mɔɖelawo le afisiafi ɖee fia be yayra siwo le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me de ŋgɔ sasasã wu nusiwo wotsɔ sa vɔe. (Mal. 3:10) Menye mɔɖelawo ɖeɖekoe kpɔa yayra siawo o, ke boŋ woƒe ƒomewo kple hame siwo me wole la kpɔa viɖe geɖe tso mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ si woɖena fiana me.—Fil. 4:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe