Sɔhɛwo—Miɖo Gɔmeɖoanyi Nyui na Ɣeyiɣi si Gbɔna
1. Nukata wòhiã be sɔhɛ Kristotɔwo natu xɔse sẽŋu ɖo?
1 Nukawoe xɔ nɔƒe vevitɔ le wò susu me? Nukawo ŋue nèbuna? Nusiwo li nàkpɔ fifia ŋue nètsia dzi ɖoa, alo ɖe nèbua etsɔme ŋu eye wò susu le nusiwo ƒe ŋugbe Mawu do ŋua? (Mat. 6:24, 31-33; Luka 8:14) Ebia xɔse sẽŋu be míate ŋu awɔ nu wòasɔ kple Mawu ƒe ŋugbedodowo, abe alesi míate ŋu akpɔe le Abraham kple Mose ƒe kpɔɖeŋuwo mee ene. (Heb. 11:8-10, 24-26) Aleke nàwɔ xɔse ma tɔgbe nasu asiwò eye be nàɖo “gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna”?—Tim. I, 6:19.
2. Nukae míesrɔ̃ tso Fia Yosiya ƒe kpɔɖeŋua me?
2 Di Yehowa: Ne ɖoɖo le miaƒe ƒomea si si me miekpɔa gome le gbɔgbɔmenuwo me ɖekae la, enyo ŋutɔ. Gake mègatsɔe be gomekpɔkpɔ le nusiawo me edziedzi dzaa ko ana xɔse sẽŋu nasu ye si godoo o. Be ‘wò asi natu sidzedze Mawu’ la, ele be wò ŋutɔ nàdi Yehowa. (Lod. 2:3-5; Kron. I, 28:9) Emae nye nusi Fia Yosiya si nye sɔhɛ wɔ. Togbɔ be nɔnɔme si me wònɔ ɣemaɣi mede edzi be wòatsi le gbɔgbɔ me o hã la, “ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me” esime wòxɔ ƒe 15 ko.—Kron. II, 34:3.
3. Aleke sɔhɛ Kristotɔ siwo li egbea adi Yehowae?
3 Aleke nàte ŋu adi Yehowae? Eyae nye be nàdzro wò dzixɔsewo me tsitotsito eye ‘nàka ɖe edzi na ɖokuiwò’ be nyateƒea tututue nye ma. (Rom. 12:2) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu aɖe nusi Biblia gblɔ tso ʋu ŋu me alo aɖo kpe edzi na ame aɖe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo tso ƒe 1914 mea? “Nyateƒe ƒe sidzedze” vavãtɔ si asu asiwò nye gɔmeɖoanyi nyui ɖoɖo na etsɔ si gbɔna ƒe akpa vevi aɖe.—Tim. I, 2:3, 4.
4. Aleke gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu ana woƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãe?
4 Nu nyuiwo do tso eme na Yosiya esi wòdi Mawu. Hafi wòaxɔ ƒe 20 la, ewɔ nu dzinɔameƒotɔe ɖe alakpasubɔsubɔ ɖa le anyigba la dzi. (Kron. II, 34:3-7) Nenema ke wò nuwɔnawo aɖee afia be èle ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me. (Tim. I, 4:15) Ne gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔe nènye la, dze agbagba nàbi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖe me. Agbalẽwo nana amewo ɖeɖeko mesɔ gbɔ o. Ðoe wò taɖodzinui be yeazã Biblia, adzro nu me kple amewo nyuie, ahatu amesiwo nàdo goe ƒe ɖetsɔleme ɖo. (Rom. 12:7) Esiawo akpe ɖe ŋuwò nàtsi le gbɔgbɔ me.
5. Mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋu ɖi na Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo hena woƒe subɔsubɔdɔa keke ɖe enu?
5 Tsɔ Wò Nu Nyuitɔ Kekeake na Yehowa: Ne ètsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe wò adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi la, àzu Mawu ƒe subɔla si woɖo. (Kor. II, 3:5, 6) Esia ʋu mɔnukpɔkpɔwo na wò be nàsubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã. Mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔ le Betel, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ, kple subɔsubɔdɔ wɔwɔ le duta. Mɔnukpɔkpɔ bubu siwo gali be nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enue nye gbe bubu sɔsrɔ̃ alo ʋuʋu ayi teƒe si hiahiãa lolo wu le.
6. Aleke mí katã míate ŋu aɖo gɔmeɖoanyi nyui na ɣeyiɣi si gbɔnae?
6 Nyateƒee wònye be menye amesiamee ate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siawo me o, ke hã mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atsɔ eƒe nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa. (Mat. 22:37) Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, na Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ kekeake na wò le agbe me. (Ps. 16:5) To esia wɔwɔ me la, àɖo gɔmeɖoanyi nyui na ɣeyiɣi si gbɔna.