Nutome Gã Kple Dukɔwo Dome Takpekpewo Ʋãa Mí be Míatsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu!
“Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpe siwo míewɔ va ɖo fifia la nye ɖaseɖiɖi gã aɖe. Teokrasiwɔna vevi siawo do Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi eye wòna míesu te nyuie wu be ‘míatsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu anɛ.’ (Ps. 96:8) Vavãe, eyae dze míatsɔ ŋutikɔkɔe ana le eƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo siwo ɖea eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo fiana ta.—Hiob 37:14; Nyaɖ. 4:11.
Mina míazã biabia siwo gbɔna kple nuŋlɔɖi siwo míewɔ le takpekpea me atsɔ adzra ɖo ɖe gomekpɔkpɔ le takpekpea me nuƒowo me toto ŋu le February 16 ƒe kwasiɖaa me.
1. Aleke nuwɔwɔ siwo me agbe mele o ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fianae, eye aleke ema to vovo na alesi amegbetɔwo kafua eyamae? (Ps. 19:2-4; nuƒo si nye “Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe”)
2. Nukae nɔnɔmetɔtrɔ ƒe ŋutega la me vava egbea nye kpɔɖeŋu na, eye aleke emevava sia doa ŋusẽ egbegbe Kristotɔwoe? (Nuƒo tɔxɛa, “Nyagblɔɖi Ŋutega Wɔdɔɖeamedziwo Doa Ŋusẽ Mí!”)
3. Aleke míawɔ aɖe ɖokuibɔbɔ si tɔgbe Daniel ɖe fia la afiae, eye viɖe kae esia wɔwɔ ahe vɛ na mí? (Dan. 9:2, 5; 10:11, 12; “Yehowa Ðea Eƒe Ŋutikɔkɔe Fiaa Ðokuibɔbɔlawo”)
4. (a) Nu etɔ̃ kawoe míate ŋu asrɔ̃ le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu tso Amos ƒe nyagblɔɖia me? (Amos 1:3, 11, 13; 9:2-4, 8, 14) (b) Nufiame nyui kae le nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu si dze le Amos 2:12 me na Yehowa Ðasefowo egbea? (“Amos ƒe Nyagblɔɖi—Nufiame si Le Eme na Míaƒe Ŋkekea”)
5. (a) Afɔku kawoe le ahamuamewo zazã fũ me nenye be enolaa memuna o gɔ̃ hã? (b) Aleke woawɔ akpɔ enono fũ ƒe kuxia gbɔe? (Mar. 9:43; Ef. 5:18; “Ƒo Asa Na Ahatsunono ƒe Mɔ̃ La”)
6. Aleke agbalẽ yeye si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ le vi ɖem na wòe? (“‘Anyigba Nyui La’—Paradiso si Gbɔna ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖee Wònye”)
7. Mɔ etɔ̃ kawo dzie míato ana ‘Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naklẽ to mía dzi abe ahuhɔ̃e ene’? (Kor. II, 3:18; “Na Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe Naklẽ to Dziwò abe Ahuhɔ̃e Ene”)
8. Ameka gbɔe wòtso be wolé fu mí madzemadzee, eye nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be wolé fu mí alea hã? (Ps. 109:1-3; “Wolé Fu Wo Dzodzro”)
9. Nukae nye gãnyenye ƒe nukpɔsusu si ɖi Kristo tɔ, eye aleke míawɔ anya ne ehiã be míatu nukpɔsusu ma ɖo geɖe wu? (Mat. 20:20-26; “Kristo ƒe Nukpɔsusu le Gãnyenye ŋu ƒe Amesinɔnɔ”)
10. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me togbɔ be ɖeɖi tea mía ŋu le ŋutilã me gɔ̃ hã? (“Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O”)
11. Mɔ kawo dzie Satana tona kakaa aʋatsonyawo, eye Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame si sɔ kae míazã atsɔ atsi tre ɖe amesiwo di be yewoagblẽ míaƒe xɔse dome ŋui? (Yoh. 10:5; “Kpɔ Nyuie le ‘Ame Tutɔwo ƒe Gbe’ Ŋu”)
12. (a) Aleke dzilawo awɔ asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si woŋlɔ ɖe Marko 10:14, 16? (b) Nukae do dzidzɔ na wò le agbalẽ yeye si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ŋu? (“Mía Viwo—Domenyinu Xɔasie Wonye”)
13. Mɔ kawo nue sɔhɛwo le Yehowa kafum le? (Tim. I, 4:12; “Alesi Sɔhɛwo Le Yehowa Kafumee”)
14. Nukawoe tsi susu me na wò le drama si nye “Ðaseɖiɖi Dzinɔameƒotɔe Togbɔ Be Wotsi Tre Ðe Mía Ŋu Hã” kpɔkpɔ megbe?
15. Aleke míawɔ asrɔ̃ amesiwo gbɔna ƒe kpɔɖeŋui (a) Petro kple Yohanes? (Dɔw. 4:10) (b) Stefano? (Dɔw. 7:2, 52, 53) (d) ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea? (Dɔw. 9:31; dramaa kple nuƒo si nye “Ðe Gbeƒã Nyanyuia ‘Madzudzɔmadzudzɔe’”)
16. (a) Nukawo mee míeɖoe kplikpaa le be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu? (b) Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na ne míetsɔ nusiwo míesrɔ̃ le “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Takpekpea me la de dɔwɔwɔ me? (Yoh. 15:9, 10, 16; “‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’ Hena Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe”)
Ne míeyi edzi de ŋugble le gbɔgbɔ me nufiame nyui siwo míexɔ le takpekpea me ŋu la, aʋã mí be míatsɔ nusiwo míesrɔ̃ ade dɔwɔwɔ me. (Fil. 4:8, 9) Esia ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi ‘awɔ nuwo katã hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.’—Kor. I, 10:31.