INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/04 axa 8
  • Sɔdolawo ƒe Aʋahoho aɖe si Ka Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔdolawo ƒe Aʋahoho aɖe si Ka Wò
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vɔ̃ Evelia—Sɔdolawo ƒe Aʋakɔ
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa I
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖinya La Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 3/04 axa 8

Sɔdolawo ƒe Aʋahoho aɖe si Ka Wò

1, 2. Aleke nyagblɔɖiŋutega si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 9:13-19 ƒe emevava ka Mawu subɔlawo egbeae?

1 “Mawudɔla adelia ku kpẽ la.” Emegbe “sɔdolawo ƒe aʋakɔ” siwo ƒe xexlẽme nye “akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve” do ɣli sesĩe abe dziɖegbe ene. Menye asrafoha dzro aɖe koe esia nye o. “Sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene.” Dzo, dzudzɔ, kple dzokpe do tso woƒe nu me, eye “woƒe asikewo le abe dawo ene.” Kpɔɖeŋu sɔdzisrafo siawo gblẽ nuwo keŋkeŋ. (Nyaɖ. 9:13-19) Ènya alesi nyagblɔɖiŋutega sia ƒe emevava wɔdɔɖeamedzia ka wòea?

2 Amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo, tsɔ ɖekawɔwɔ na amewo le nu nyam tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu. Esia na woklo nu le Kristodukɔa dzi keŋkeŋ be eku le gbɔgbɔ me. Mina míadzro nyagblɔɖiŋutega la me nya eve aɖewo me, siwo te gbe ɖe susu si tae Mawu subɔlawo ƒe subɔsubɔdɔa tsea ku alea gbegbe ɖo dzi.

3. Hehe kae nèxɔ be nàgblɔ Mawu ƒe gbedasia dzidzedzetɔe?

3 Wona Hehe Wo Hedzra Wo Ðo Be Woagblɔ Mawu ƒe Gbedasia: To Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple hamea ƒe kpekpe bubuwo dzi la, wona hehe Mawu subɔlawo be woagblɔ Mawu ƒe gbedasia kple ŋusẽ. Abe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ene la, woyina ɖadia amesiwo dze, heɖea gbeƒã le afisiafi si woate ŋu akpɔ amewo le. (Mat. 10:11; Mar. 1:16; Dɔw. 20:18-20) Aleke gbegbe gbeƒãɖeɖemɔnu sia si wotu ɖe Biblia dzi la kpɔ dzidzedzee nye esi!

4. Dɔwɔnu kawoe li siwo akpe ɖe gbeƒãɖela geɖe ŋu be woawɔ woƒe dɔa?

4 Kristotɔ subɔlawo ma Biblia, agbalẽ, agbalẽ gbadza, kple magazine biliɔn geɖe le gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de wo si la wɔwɔ me. Wota agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ siwo ade 400 kloe me, woku ɖe nyati vovovowo ŋu, eye wotrɔ asi le wo ŋu ale be wodoa dzidzɔ na ameƒomeviwo katã. Èle dɔwɔnu siawo zãm nyuiea?

5, 6. Nukae ɖee fia be Yehowa le megbe na eƒe amewo?

5 Mɔfiafia Kple Kpekpeɖeŋu tso Mawu Gbɔ: Nyagblɔɖiŋutega la na eme kɔ keŋ hã be Mawue le megbe na dɔ si wotsɔ sɔdolawo ƒe aʋahoho wɔ kpɔɖeŋu na la. (Nyaɖ. 9:13-15) Míele gbeƒã ɖem le xexeame godoo, menye le amegbetɔ aɖeke ƒe nunya alo ŋusẽ me o, ke boŋ to Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi. (Zax. 4:6) Yehowa le mawudɔlawo zãm le dɔ sia dzikpɔkpɔ me. (Nyaɖ. 14:6) Eyata Yehowa toa eƒe Ðasefo amegbetɔwo kple kpekpeɖeŋu si tso dziƒo dzi hea ame fafawo ɖe eɖokui ŋu.—Yoh. 6:45, 65.

6 Esi wona hehe Yehowa ƒe amewo hedzra wo ɖo nyuie be woagblɔ Mawu ƒe gbedasia, eye mawudɔlawo ƒe mɔfiafia tee wole dɔ sia wɔm le ta la, ame aɖeke mate ŋu atɔ te wo o. Mina míawɔ míaƒe akpa dzi le nyagblɔɖiŋutega dodzidzɔname sia me vava me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe