Ðe Mɔɖeɖedɔa ƒe Gbɔgbɔ Fia
1. Nukae nye mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ?
1 Eɖanye be Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo katã ate ŋu asubɔ abe mɔɖelawo ene alo womate ŋui o, woate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia. Wodina vevie be yewoawɔ ɖe se si ku ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu la dzi. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 18:5) Wotsɔa ɖe le eme na amewo hetsɔa nanewo saa vɔe be woate ŋu awu woƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe. (Mat. 9:36; Dɔw. 20:24) Yehowa subɔlawo lɔ̃na faa be yewoawɔ nusianu si hiã be woakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea. (Kor. I, 9:19-23) Mina míade ŋugble tso nyanyuigblɔla Filipo, amesi ɖe gbɔgbɔ ma tɔgbe fia ƒe kpɔɖeŋua ŋu.
2. Aleke hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Filipo ƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋui?
2 Gbeƒãɖeɖe Kple Nufiafia: Agbanɔamedzi gã aɖewo nɔ Filipo dzi le ƒe alafa gbãtɔ me hamea me. (Dɔw. 6:1-6) Ke hã, nyanyuigbeƒãɖela veviedonula aɖe wònye wonya koŋ. (Dɔw. 8:40) Eyata egbea togbɔ be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo akpɔ woƒe agbanɔamedziwo gbɔ hã la, woate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia to ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe dzi. Esia doa ŋusẽ hamea ale gbegbe!—Rom. 12:11.
3. Aleke míate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afiae ne míele dodokpɔwo me tom?
3 Le Stefano ƒe ku megbe la, yometiti ƒe dzidziɖedzi he xaxa gã aɖe vɛ na nusrɔ̃lawo. Gake Filipo yi edzi ɖe gbeƒã, eye wòwɔ akpa vevi aɖe le subɔsubɔdɔa gɔmedzedze me le Samariatɔwo dome. (Dɔw. 8:1, 4-6, 12, 14-17) Míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua to alesi míayi edzi agblɔ nyanyuia ne míele dodokpɔwo me tom kple gbeƒãɖeɖe na amesiwo katã míedoa goe dzi.—Yoh. 4:9.
4. Kpɔɖeŋu kae Filipo ɖo ɖi abe nufiala ene?
4 Míate ŋu ade dzesi alesi Filipo nye Mawu ƒe Nya fiala bibi aɖee le dzeɖoɖo si yi edzi le woa kple Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa dome nuŋlɔɖia me me. (Dɔw. 8:26-38) Biblia zazã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woabu tame ‘tso Ŋɔŋlɔawo me’ ƒe ŋutete tutuɖo hã nye mɔ bubu si dzi míetona ɖea mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ fiana. (Dɔw. 17:2, 3) Abe Filipo ene la, míedia mɔnukpɔkpɔwo be míaɖe gbeƒã nyanyuia le teƒe ɖesiaɖe si amewo le kple le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si asɔ me.
5. Nukae ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woatu mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ ɖo ɖe wo viwo me?
5 Ƒome Kple Hamea: Ðikeke mele eme o be Filipo ƒe nɔnɔme kple eƒe kpɔɖeŋua wɔ dɔ ɖe vianyɔnuviwo dzi. (Dɔw. 21:9) Nenema ke dzila Kristotɔ siwo tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me doa ŋusẽ wo viwo be woawo hã nawɔe nenema. Togbɔ be ɖeɖi ate dzilawo ŋu le kwasiɖa ƒe nuwuwu hã la, dzila si ɖea gbeƒã na amewo dzonɔamemetɔe ate ŋu akpɔ ŋusẽ si anɔ anyi ɣeyiɣi didi la ɖe via ƒe dzi dzi.—Lod. 22:6.
6. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia mɔɖela siwo le míaƒe hamea mee?
6 Filipo wɔ amedzro na Paulo kple Luka, Kristotɔ veviedonula siwo wɔ dɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. (Dɔw. 21:8, 10) Aleke míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ahakpe ɖe amesiwo doa vevie nu egbea ŋui? Ðewohĩ míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana be míawɔ dɔ kple mɔɖelawo ŋdi alo ɣetrɔ aɖe le ŋkeke siwo dzi ame ʋɛ aɖewo koe kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzi. (Fil. 2:4) Míate ŋu akpe wo ava míaƒe aƒewo me ahaɖo dze tuameɖo kpli wo hã. Nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, mina mí katã míadze agbagba aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia.