Na Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge Naɖe Vi na Wò
Aleke gbegbee nènya nu tso atikewɔwɔ ƒe mɔnu vovovo siwo me womezãa ʋu le o ŋui? Ðe nèse atikewɔwɔ mɔnu vovovo siwo ŋudɔ woawɔ na ame ɖe ʋudodo teƒe kple alesi wowɔa dɔe gɔmea? Kpɔ video sia, eye nàzã nyabiabia siwo kplɔe ɖo atsɔ ado wò sidzedze kpɔe.—Mide dzesii: Esi wònye be woɖe amekoko ƒe nukpɔkpɔ ʋɛ aɖewo fia le eme ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo akpɔe ɖa be ɖe wòanyo be yewo vi siwo metsi o nakpɔe hã.
(1) Susu vevi ka tae Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o, eye afikae gɔmeɖose ma dze le le Biblia me? (2) Nukae nye míaƒe didi le atikewɔnyawo me? (3) Gomenɔamesi vevi kae le dɔnɔwo si? (4) Nukatae wònye nusi me nunya le eye wòsɔ be ame nagbe be woagado ʋu na ye o? (5) Ne ʋu gbogbo aɖe ɖuɖu le dɔnɔ ŋu la, nu vevi eve kawoe li siwo ŋudɔ ɖɔktawo ate ŋu awɔ gbã? (6) Afɔku kawoe ʋudodo ate ŋu ahe va wò lãmesẽ dzi? (7) Dɔwɔnu kawoe le amekolawo si si wotsɔ ɖea ʋu ƒe ɖuɖu le ame ŋu dzi kpɔtɔna ne wole ame kom? (8) Nukae nàdi be yeanya tso atike si woate ŋu awɔ na ame ɖe ʋudodo teƒe ŋu? (9) Ðe woate ŋu ako ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me ne womedo ʋu nɛ oa? (10) Nukae atikewɔla geɖewo le lɔlɔ̃m be yewoawɔ na Yehowa Ðasefowo, eye nukae ate ŋu ava nye dzidzenu le atikewɔnyawo me na dɔnɔwo katã mlɔeba?
Lɔlɔ̃ be woawɔ atike na ame le mɔ siwo woɖe fia le video sia me dometɔ aɖe nu nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòana eƒe dzitsinya nafia mɔe hafi awɔ.—Kpɔ June 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22-4, 29-31, kple October 15, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30-1.