Ðoɖo Yeye be Woakpe Ðe Mía Ŋu Míatsri Ʋu
Dziɖuha la da asi ɖe edzi be woaƒo nya vevi siwo le durable power of attorney (DPA) gbalẽa kple Advance Medical Directive/Release gbalẽvia dzi la nu ƒu ɖe agbalẽvi ɖeka dzi, si míayɔ be DPA gbalẽvi. Wotrɔ asi le DPA gbalẽvi yeyea ŋu na míaƒe dukɔa.
DPA gbalẽvi ɖeka koe wòahiã be nàkpe ɖo. DPA gbalẽvi sia nu mayi ɣeaɖekeɣi o, àte ŋu azãe le Ghana ƒe akpa ɖesiaɖe, eye aɖi ɖase le wò didiwo ŋu ne èzɔ mɔ yi dukɔ bubu ɖesiaɖe me hã. Ahiã be nàkpe DPA gbalẽvi yeye ɖo le etsɔme ne (1) ehiã be nàtrɔ nanewo le wò DPA gbalẽvia dzi, abe ne èdi be yeatrɔ wò didiwo, yeaɖɔli wò ameteƒenɔla le lãmesẽnyawo me, wò adrɛs, kple telefon xexlẽdzesiwo, alo (2) wò DPA gbalẽvia bu alo edome gblẽ.
Ele be nàdee gbedodoɖa me abia mɔfiame ku ɖe DPA gbalẽvia ŋu eye eyome nàkpee ɖo nyuie le aƒeme. Gake hafi nàde asi agbalẽvia te la, ele vevie be nàwɔ nusiwo sea bia le eŋu la dzi pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne agbalẽvia gblɔ be ele be ɖasefo eve nakpɔ eteƒe hafi nàde asi ete la, ke ele be woanɔ anyi akpɔ eteƒe ŋutɔŋutɔ hafi nàde asi ete. Ɣeaɖewoɣi agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo ate ŋu ate ɖe amesiwo mekpe agbalẽvi yeyewo ɖo o ŋu akpɔe ɖa be wohiã kpekpeɖeŋu aɖe hã.
Hafi nàŋe DPA gbalẽvia la, wɔ eƒe fotokɔpi siwo me kɔ nyuie atsɔ ɖeka ana amesi nèna ŋusẽ be wòanɔ teƒewò le lãmesẽnyawo me, ɖeka na wò ɖɔkta, eye nàwɔ bubuwo ada ɖe wò nuŋlɔɖi veviwo me. Ðewohĩ àdi be yeawɔ kɔpi na wò ƒomea me tɔ bubuwo kple hamea ƒe agbalẽŋlɔla hã. Ele be kɔpiawo nanɔ axa ɖeka dzi le pepa si wolɔ̃a zazã dzi, eye DPA gbalẽvia nanɔ axaa ƒe domedome. DPA gbalẽvia ŋutɔ, ke menye eƒe fotokɔpi o, ya nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi.
Identity Card si dzi ɣletiŋkeke 3/99 dze le si dzila Ðasefowo xɔ na wo vi siwo mexɔ nyɔnyrɔ o la ya metrɔ o. Dzilawo nakpɔ egbɔ be yewokpe agbalẽvi si yewoxɔ na ɖevi ɖesiaɖe si metsi o la ɖo nyuie eye yewode asi ete, eye be enɔa ɖevia ŋu le ɣeyiɣi siwo sɔ me.
Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu atrɔ asi le nya siwo le DPA gbalẽvia kple Identity Card la dzi ŋu be woaŋlɔ lãmesẽ ŋuti mɔfiamewo na wo ɖokui kple na wo viwo. Ne gbeƒãɖela aɖe xɔ nyɔnyrɔ le ƒea me la, ele be agbalẽŋlɔla natsɔ DPA gbalẽvia ɖeka nɛ.