Aleke Míaɖi Ðase na Míaƒe Ƒometɔwoe?
1. Nukatae wòhiã be míadze aɖaŋu ne míedi be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo?
1 Dzidzɔ gã kae nye esi wòanye be míayi xexeme yeyea me kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, ahasubɔ Yehowa ɖekae! To ɖaseɖiɖi na míaƒe ƒometɔwo dzi la, mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname sia ate ŋu ava eme na mí. Gake ehiã aɖaŋudzedze hafi míate ŋu awɔ esia le mɔ si aʋã wo nu. Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Amesiwo nyɔa didi ɖe woƒe ƒometɔwo me to ɖaseɖiɖi na wo aɖaŋudzedzetɔe me koe te ŋu kpɔa emetsonu nyuiwo.” Aleke míate ŋu awɔ esiae?
2. Aleke ɖetsɔtsɔ le míaƒe ƒometɔwo me vevie ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanyɔ nyanyuia sese ƒe didi ɖe wo me?
2 Nyɔ Didia ɖe Wo Me: De ŋugble le alesi nàwɔ anyɔ ɖetsɔleme ɖe wò ƒometɔwo me ŋu do ŋgɔ. (Lod. 15:28) Nukawoe nye nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo? Kuxi kawoe le fu ɖem na wo? Ðewohĩ àte ŋu atsɔ nyati aɖe afia wo alo ayɔ mawunyakpukpui ʋãme aɖe si asɔ ɖe woƒe nuhiahiã vevi aɖe nu na wo. Ne wò ƒometɔwo metsɔ ɖe gbɔwò o la, àte ŋu awɔ esia to lɛta ŋɔŋlɔ na wo alo to kaƒoƒo na wo le telefon dzi me. Ƒã nyateƒea ƒe nukuwo, evɔ megazii ɖe wo dzi o, eye kpɔ mɔ na Yehowa be ana nuku siawo natsi.—Kor. I, 3:6.
3. Aleke míaƒe ƒometɔwo ƒe ɖetsɔtsɔ le mía me ate ŋu aʋu mɔ ɖi na ɖaseɖiɖii?
3 Yesu gblɔ na ŋutsu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe do goe le be: “Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo.” (Mar. 5:19) Bu alesi esia anya wɔ dɔ ɖe ŋutsua ƒe ƒometɔwo dzii ŋu kpɔ! Togbɔ be màto nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi sia tɔgbe me o hã la, wò ƒometɔwo anya tsɔ ɖe le nusiwo mia kple viwòwo miewɔna me godoo. Dzeɖoɖo tso dɔdasi aɖe si nèwɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, takpekpe aɖe si nède, Betel sasrãkpɔ, alo nu ɖedzesi aɖe si nèwɔ ŋu ate ŋu aʋu mɔ ɖi nàƒo nu na wo tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu ayi ŋgɔe.
4. Nukawoe wòle be míaƒo asa na ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔwo?
4 Dze Aɖaŋu: Ne èle ɖase ɖim na wò ƒometɔwo la, ƒo asa na nya geɖe fũ gbɔgblɔ na wo le ɣeyiɣi ɖeka me. Esi nɔviŋutsu aɖe ɖo ŋku ɣeyiɣi si me wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme dzi la, egblɔ be: “Melɔa nyawo kɔna ɖe nɔnye dzi gaƒoƒo geɖe, henɔa nusianu si mesrɔ̃ le Biblia me la me ɖem nɛ, eye zi geɖe la ehea nyaʋiʋliwo vɛ, vevietɔ dea mía kple fofonye dome.” Ne wò ƒometɔ aɖe ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia me gbedasia ŋu hã la, ɖo nya ŋu nɛ le mɔ si awɔe be amea nadi be yeanya geɖe wu nu. (Lod. 25:7) Ðe bubu, dɔmenyonyo, kple dzigbɔɖi fia ɣesiaɣi, abe alesi nàwɔe ne èle nu ƒom na amesiwo mènya o le subɔsubɔdɔa me ene.—Kol. 4:6.
5. Nukae míawɔ ne ƒometɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe ɖaseɖiɖi na wo ŋu o?
5 Yesu ƒe ƒometɔwo susui kpɔ ɣeaɖeɣi be eƒe tame da. (Mar. 3:21) Gake wo dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo emegbe. (Dɔw. 1:14) Eyata mègadzudzɔ ne wò ƒometɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo nèdze gbã be yeagblɔ nyateƒea na wo la ŋu o. Woƒe nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ. Eyata yi edzi nàdi mɔnukpɔkpɔ bubuwo be nàgblɔ nya aɖe si anyɔ didia ɖe wo me. Àte ŋu ava kpɔ dzidzɔ be yekpe ɖe wo ŋu wodze agbe mavɔ mɔ la zɔzɔ gɔme.—Mat. 7:13, 14.