Alesi Míawɔ Kpɔɖeŋu Dzeɖonyawo Ŋudɔe
1. Aleke wòle be míabu kpɔɖeŋu dzeɖonya siwo wonana mí lae?
1 Dzeɖonya siwo míazã le magazinewo kple agbalẽ bubuwo nana me ƒe kpɔɖeŋuwo dzena edziedzi le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Mahiã be míasrɔ̃ nya siwo tututu dze le dzeɖonya mawo me la ɖe tame ahagbugbɔ wo agblɔ ne míele gbeadzi o. Nya siwo míate agblɔ ƒe mɔfiame koe wonye wona mí. Ne míegblɔa dzeɖonyawo le mía ŋutɔwo míaƒe nyagbewo me la, ana míabi ɖe edzi wu. Nyawo gbɔgblɔ le dzɔdzɔme nu ana aƒemenɔlaa naɖe dzi ɖi, eye eɖenɛ fiana be kakaɖedzie míetsɔ le nyaa gblɔm tso dzime.—Kor. II, 2:17; Tes. I, 1:5.
2. Nukata wòhiã be míabu nuto si me míele ƒe dekɔnuwo ŋu ne míele dzeɖonyawo dzram ɖo?
2 Trɔ Dzeɖonyaa Wòasɔ ɖe Ameawo ƒe Nuhiahiãwo Nu: Nuto si me míele ƒe dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi míegblɔa nyanyuiae dzi. Ðe wòle be nàdo gbe na aƒemenɔla hafi adze dzeɖoɖo tso wò gbedasia ŋu nɛ gɔmea, alo ɖe amesiwo le wò anyigbamama me akpɔ mɔ be nàyi nyaa gbɔ tẽa? Ema ato vovo tso teƒe ɖesiaɖe, eye ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã, ato vovo le amesiame si míedo goe gome. Nenema kee nyabiasewo zazã hã hiã ŋuɖɔɖɔɖo. Nyabiase siwo míabia le teƒe aɖe woasɔ la, woate ŋu atɔ to me na amewo le teƒe bubuwo. Eyata ele na mí be míagblɔ míaƒe gbedasia kple ŋuɖɔɖɔɖo be wòasɔ ɖe nusiwo dzi woda asi ɖo le nutoa me nu.
3. Nukatae wòle be míabu amesiwo míele gbeƒã ɖem na kple alesi wobua tamee ŋu?
3 Hekpe ɖe eŋu la, ele be míabu amesiwo le míaƒe anyigbamamaa me kple alesi wobua tamee ŋu ne míele dzadzraɖo wɔm hena gbeadziyiyi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ alesi nàdzro Mateo 6:9, 10 me kple Katolikotɔ veviedonula aɖe la ato vovo na alesi nàdzro eme kple amesi menya nu tso “Aƒetɔ ƒe gbedodoɖa” la ŋu nyuie o. Nuwo ŋu bubu vie do ŋgɔ awɔe be míate ŋu atrɔ asi le míaƒe dzeɖonyawo ŋu zi geɖe be woanya se na amesiwo míedoa goe le gbeadzi.—Kor. I, 9:20-23.
4. Nukatae dzadzraɖo nyui wɔwɔ le vevie ɖo?
4 Ne míeɖoe be míazã kpɔɖeŋu dzeɖonyawo abe alesi tututu woŋlɔ wo ɖii ene alo woade sɔsɔ ge kplii hã la, dzadzraɖo nyui wɔwɔ ya le vevie godoo. Ele be míaxlẽ nyati alo ta si ŋudɔ míedi be míawɔ la nyuie, ahade dzesi emenya siwo anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme. Azɔ de wo wò dzeɖonyaa me. Ne míenya nya siwo le míaƒe agbalẽwo me nyuie ko hafi míate ŋu atsɔ dzidzɔ ana wo.
5. Nukatae míate ŋu adzra dzeɖonya bubuwo ɖo, eye aleke míawɔ esiae?
5 Dzeɖoɖomɔnu Bubuwo: Dzeɖoɖomɔnu siwo dze le kpɔɖeŋu dzeɖonyawo me ko ŋudɔe wòle be míawɔa? Ao. Ne dzeɖoɖomɔnu alo mawunyakpukpui bubu aɖe ŋudɔ wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wò wu la, zãe. Vevietɔ le magazinewo nana gome la, nɔ ŋudzɔ be nàdi mɔnukpɔkpɔ siwo me nàzã nyati si mele magazinea ƒe akpaa dzi o si adzɔ dzi na amewo etɔxɛ le miaƒe anyigbamamaa me. Ne ehiã be woawɔ wɔwɔfia le Subɔsubɔ Kpekpea me le dzeɖonya siwo ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu ŋuti la, woate ŋu awɔ wɔwɔfia ɖesiaɖe si ɖea kpe le miaƒe nutoa me. Esia akpe ɖe amesiame ŋu wòagblɔ nyanyuia le mɔ si atse ku nu.