INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/05 axa 3-6
  • Miwɔ Ðoɖowɔɖi si Asɔ na Ƒomea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Ðoɖowɔɖi si Asɔ na Ƒomea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Gbesiagbe Mawunyakpukpuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Biblia Nusɔsrɔ̃ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Mègaɖe Dzi Le Ðokuiwò Ƒo O—Wɔ Avu Kple Vovomanɔameŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Míagadzro Gbe Sia Gbe Mawunyakpukpuia Me Le Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Me Azɔ O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 5/05 axa 3-6

Miwɔ Ðoɖowɔɖi si Asɔ na Ƒomea

1 Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: ‘Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mat. 6:33) Mɔ nyui aɖe si dzi miato akpɔ dɔwɔnawo gbɔ le ƒomea me ale be miatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔe nye be miawɔ ɖoɖowɔɖi aɖe ahaŋlɔe da ɖi. Midi miniti ʋɛ aɖewo miazã teƒe ƒuƒlu siwo le ɖoɖowɔɖi si le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia dzi miawɔ mia ŋutɔ miaƒe ɖoɖowɔɖi si dzi ƒomea azɔ ɖo le kwasiɖaa me. Ƒome aɖewo adi be yewoaŋlɔ dɔwɔnaawo ɖe pepa kakɛ dzi atre ɖe teƒe ƒuƒluawo. Bubuwo adi be yewoaŋlɔ wo ɖe teƒeawo ŋutɔ.

2 Kpɔɖeŋu ɖoɖowɔɖi si le egɔme ate ŋu akpe ɖe mia ŋu le miaƒe ɖoɖowɔɖia wɔwɔ me. Miade dzesii be dɔwɔna vevi ene koe dze le eme: (1) hamea ƒe kpekpewo dede, (2) ƒomea ƒe gbeadziyiyi, (3) ƒomenusɔsrɔ̃, kple (4) gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro. Ne miede nusiawo miaƒe ɖoɖowɔɖia me la, akpe ɖe mia ŋu ‘mialé ŋku ɖe nusiwo le vevie wu la ŋu.’ (Fil. 1:10) Aɖaŋuɖoɖo bubuwo dze le axa 4-5 ku ɖe dɔwɔna vevi ene siawo ŋu.

3 Menye dɔwɔna ene siawo ɖeɖekoe hiã be woanɔ miaƒe ƒomea ƒe ɖoɖowɔɖia me o. Ne ƒomea wɔ ɖoɖo dzrana kpekpe aɖewo ɖo ɖekae la, ekema mide eya hã ɖoɖowɔɖia me. Ne miexlẽa Biblia ƒe akpa sue aɖe ɖekae le gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro vɔ megbe alo le ɣeyiɣi bubu dzi la, miŋlɔ eya hã. Ne ƒomea ɖea modzaka aɖe ɖekae la, ɖewohĩ miadi be yewoaŋlɔ eya hã ɖe ɖoɖowɔɖia me.

4 Mitrɔ asi le ƒomea ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu ale be wòasɔ ɖe amesiwo katã le aƒea me ƒe hiahiãwo kple nɔnɔmewo nu. Minɔ eme tom edziedzi ne miakpɔe ɖa be ɖoɖowɔɖia gasɔ na amesiame kokoko hã, ale be miawɔ asitɔtrɔ siwo ahiã.

[Nyaɖoɖo si le 3]

Ƒomea ƒe Kpɔɖeŋu Ðoɖowɔɖi

Ŋdi Ŋdɔ Fiẽ

Kwas. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui

Dutoƒonuƒo Kple

Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃

Dzoɖ. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui Ƒomenusɔsrɔ̃

Braɖ. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui Hame ƒe

Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃

Kuɖ. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui

Yaw. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui Teokrasi Subɔsubɔ

Suku Kple

Subɔsubɔ Kpekpe

Fiɖ. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui

Meml. Gbesiagbe Mawunya-kpukpui

Ƒomea ƒe

Gbeadziyiyi

(Magazine Ŋkeke)

[Nyaɖoɖo si le 6]

Family Schedule

Ŋdi Ŋdɔ Fiẽ

Kwas.

Dzoɖ.

Braɖ.

Kuɖ.

Yaw.

Fiɖ.

Meml.

..................................................................

Gbesiagbe Gbesiagbe Gbesiagbe Gbesiagbe Gbesiagbe Gbesiagbe Gbesiagbe

Mawunya- Mawunya- Mawunya- Mawunya- Mawunya- Mawunya- Mawunya-

kpukpui kpukpui kpukpui kpukpui kpukpui kpukpui kpukpui

Dutoƒonuƒo Subɔsubɔ Hame ƒe Ƒome- Ƒomea ƒe Ƒomea ƒe Ƒomea

Kple Suku Kple Agbalẽ nusɔsrɔ̃ Gbeadzi- Biblia ƒe Modza-

Gbetakpɔxɔ Subɔsubɔ me Nusɔsrɔ̃ yiyi Xexlẽ kaɖeɖe

Nusɔsrɔ̃ Kpekpe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe