INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/05 axa 4
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Hamea ƒe Kpekpewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Hamea ƒe Kpekpewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 5/05 axa 4

Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Hamea ƒe Kpekpewo

1 Ne dzila Kristotɔe nènye la, ekema èdi be ye viwo natsi ava lɔ̃ Yehowa ahasubɔe, eye be mlɔeba la, woava kpɔ agbe mavɔ le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me. Aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Mɔ vevi aɖee nye kpɔɖeŋu si wò ŋutɔ nèɖona. (Lod. 20:7) Nɔvinyɔnu aɖe ɖo ŋku kpɔɖeŋu si dadaa, si nye Ðasefo, ɖo dzi gblɔ be: “Mehiã be mía dometɔ aɖe nabia be míele kpekpe yi ge hã o, amesiame nya be míele yiyi ge godoo.” Esia wɔ dɔ nyui aɖe ɖe edzi.

2 Ðe miaƒe ƒomea se nusitae míeyia hamea ƒe kpekpewo gɔmea? Nufiame siwo míexɔna le ƒuƒoƒe siawo la doa ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye ha si míedena kple mía nɔviwo la nye dzideƒotsoƒe gã aɖe na mí ŋutɔŋutɔ. (Yes. 54:13; Rom. 1:11, 12) Gake susu vevi si koŋ ta míedea kpekpe siawoe nye be míakafu Yehowa ‘le ameha siwo ƒo ƒu dome.’ (Ps. 26:12) Kristotɔwo ƒe kpekpewo nana mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míaɖe alesi míelɔ̃ Yehowae fia ahasubɔe.

3 “Mikpɔ Nyuie”: Ne míese taɖodzinu kɔkɔe si le míaƒe kpekpewo ŋu gɔme la, aʋã mí be ‘míakpɔ nyuie’ be míagana kpekpewo dada ƒu le nusiwo mele vevie o ta nava zu numame na mí vivivi o. (Ef. 5:15, 16; Heb. 10:24, 25) Ne miele ɖoɖowɔɖi si dzi miazɔ ɖo le ƒomea me wɔm la, ele be miaŋlɔ ŋkeke siwo dzi miewɔa hamea ƒe kpekpewo gbã. Azɔ mikpɔ egbɔ be miagaɖe mɔ dɔwɔna bubuwo nava do kplamatse ɣeyiɣi mawo o. Mikpɔ egbɔ be kpekpewo dede nanye nu vevitɔ na ƒomea.

4 Ðe míaƒe dzi meʋãa mí ne míexlẽ nu tso mía nɔvi siwo ɖu mɔxenu aɖewo dzi ale be woade kpekpewo kple takpekpewo oa? Togbɔ be ɖewohĩ nɔnɔme siwo me nèle masesẽ abe wo tɔ ene o hã, anɔ eme be wò hã èdoa go kplamatsedonu aɖewo. Satana le ewɔm be Yehowa subɔsubɔ va le sesẽm ɖe edzi wu na Mawu ƒe amewo. Gake mika ɖe edzi be mia viwo ade dzesi agbagba si ƒomea dzena be yewoade hamea ƒe kpekpewo godoo la. Le nyateƒe me la, esia wɔwɔ ana miagblẽ gbɔgbɔmenunana aɖe si womaŋlɔ be gbeɖe akpɔ o la ɖi na wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe