Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea—Mɔnukpɔkpɔ Xɔasie Wònye
1 Yehowa ƒe dɔmenyonunana siwo léa agbe ɖe te la ɖea vi na ame biliɔn geɖewo gbesiagbe. (Mat. 5:45) Gake ame ʋɛ aɖewo ŋutɔ ko sie mɔnukpɔkpɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o la su be woaɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe yewo Wɔla la ŋu to gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. (Mat. 24:14) Aleke gbegbee nèdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ nyui sia ŋui?
2 Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea hea bubu vɛ na Mawu eye wònaa mɔkpɔkpɔ kple dzidzeme amesiwo le fu kpem le egbe xexe sia si me xaxawo xɔ aƒe ɖo me. (Heb. 13:15) Amesiwo xɔ eƒe gbedasia akpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 17:3) Ŋutilãmedɔ kae li si hã ate ŋu aɖe vi alea gbegbe? Alesi apostolo Paulo wɔ eƒe subɔsubɔdɔae la fia be ekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Ebui kesinɔnu gã aɖe.—Dɔw. 20:20, 21, 24.
3 Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Míaƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasia Ŋu: Mɔ siwo nu míeɖenɛ fiana le be míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye na mí be míaɖe gbeƒã ŋu dometɔ ɖekae nye be míabu alesi míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa wòaganyo ɖe edzi wui ŋu. Ðe míedzea agbagba trɔa asi le míaƒe dzeɖonyawo ŋu be woawɔ dɔ ɖe amesiwo míeɖea gbeƒã na la dzia? Ðe míate ŋu adzi míaƒe ŋutete ɖe edzi le Ŋɔŋlɔawo zazã kpakple le ŋugbledede kple amewo le wo ŋu me ɖe edzia? Ðe míekpea míaƒe anyigbamama ɖo tsitotsitoa? Ðe míenya alesi míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme ahayi edzia? Abe Kristotɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi va yi kple esiwo gali egbea ene la, nukpɔsusu nyui si le mía si ɖe dɔ sia ŋue nye nusi ʋãa mí, eye míedea asixɔxɔ gã mɔnukpɔkpɔa ŋu.—Mat. 25:14-23.
4 Ne tsitsi alo lãmegbegblẽ le fu ɖem na mí, alo míele kuxi sesẽ bubuwo me tom gake míedoa vevie nu wɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe la, efaa akɔ na mí be míanya be Mawu dea asixɔxɔ gã míaƒe agbagbadzedzewo ŋu. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be Yehowa dea asixɔxɔ agbagba siawo katã si míedzena hesubɔnɛ ŋu; edenɛ esiwo medzena nu gãe le amewo ŋkume o gɔ̃ hã ŋu.—Luka 21:1-4.
5 Nusi naa dzidzeme gã aɖe amee gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea nye. Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si xɔ ƒe 92 gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye nam ne meɖo ŋku ƒe 80 kple edzivɔ siwo metsɔ ɖokuinye ke Mawu hesubɔe la dzi tse aɖeke maɖumaɖui! Le nyateƒe me la, ne ɖe magadze nye agbenɔnɔ gɔme ake la, manɔe ɖe mɔ ma ke nu elabena ‘Mawu ƒe amenuveve nyo wu agbe.’” (Ps. 63:4) Neva eme be míawo hã míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi si Mawu na mí ŋu—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea.