INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/05 axa 8
  • Tu Numeɖeɖe na Amewo Aɖaŋutɔe ƒe Ŋutete Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tu Numeɖeɖe na Amewo Aɖaŋutɔe ƒe Ŋutete Ðo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Woadi Mawu, . . . Ne Woake Ðe Eŋu”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Alesi Míawɔ Anye Subɔla Siwo Trɔna Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Yi Edzi Nàdo Vevie . . . Nufiafia”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Aleke Nèbua Ame Siwo Le Wò Anyigbamama Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 10/05 axa 8

Tu Numeɖeɖe na Amewo Aɖaŋutɔe ƒe Ŋutete Ðo

1. Biblia me nuŋlɔɖi ka mee míadzro, eye nukatae?

1 Apostolo Paulo ƒe nuƒo si wòƒo le ƒuƒoƒe aɖe si nɔ Antioxia le Pisidia, abe alesi wòdze le Dɔwɔwɔwo 13:16-41 ene la nye alesi míaɖe nu me na amewo aɖaŋutɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Paulo bu amesiwo wònɔ nu ƒom na kple woƒe nukpɔsusuwo ŋu, eyata etrɔ asi le nyanyuia gbɔgblɔ mɔnu ŋu wòsɔ ɖe nɔnɔmea nu. Esi míele nuŋlɔɖi sia me dzrom la, mina míakpɔ alesi míawo hã míate ŋu awɔe nenema ke le míaƒe subɔsubɔdɔa mee.

2. Nukae míesrɔ̃ le alesi Paulo dze eƒe nuƒoa gɔmee me?

2 Di Nya Siwo Dzi Mialɔ̃ Ðo: Togbɔ be ɖoƒe vevi si Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava mee nye nya vevitɔ si ŋu Paulo di be yeaƒo nu tsoe hã la, metsɔ nya ma dze eƒe nuƒoa gɔmee o. Ke boŋ eƒo nu tso nya si dzi woa kple eƒe nyaselawo, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Yudatɔwo la lɔ̃ ɖo ŋu—si nye Yudatɔwo ƒe ŋutinya. (Dɔw. 13:16-22) Nenema kee míawo hã míate ŋu aɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ bɔbɔe wu ne míedi nya si dzi mía kpli wo míalɔ̃ ɖo. Esia abia be míawɔ nyabiasewo ŋudɔ le ŋuɖɔɖɔɖo me ahaɖo to wo nyuie bene míanya nusi me wotsɔ ɖe le vevie.

3. Nukae na wòsesẽ na Paulo ƒe nyaselawo be woaxɔe ase be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo?

3 Esime Paulo nɔ nu ƒom tso Yudatɔwo ƒe ŋutinya ŋu na eƒe nyaselawo la, eɖo ŋku edzi na wo be Mawu do ŋugbe be yeana Ðela aɖe nado tso Dawid ƒe dzidzimeviwo dome. Gake Yudatɔ geɖe ya nɔ mɔ kpɔm na aʋakalẽtɔ aɖe si aɖe wo le Roma-dziɖuɖua ƒe ŋusẽ te, eye wòana be Yuda-dukɔa nakpɔ ŋusẽ wu dukɔ bubuwo katã. Ðikekemanɔmee la, wonyae be Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo le Yerusalem la gbe Yesu hetsɔe de asi na Romatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo wowu. Aleke Paulo ana woaxɔe ase be Ame ma si wowu lae nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo?

4. Aleke Paulo zã aɖaŋudzedze le numeɖeɖe na Yudatɔwo mee?

4 Trɔ Asi Le Wò Ðaseɖimɔnuwo Ŋu: Esi Paulo nya alesi eƒe nyaselawo bua nu ŋui ta la, edzro nusiwo wonya xoxo la me kpli wo le Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be Yesu nye Dawid ƒe dzidzimevi kple amesi Yohanes Amenyrɔɖetsimela, si ame geɖe buna Mawu ƒe nyagblɔɖilae la, ɖe fia wo. (Dɔw. 13:23-25) Paulo gblɔ na wo be esi subɔsubɔhakplɔlawo gbe Yesu hetso kufia nɛ ta la, ‘wona nya si Nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la va eme.’ (Dɔw. 13:26-28) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖe eme na wo be amewo kpɔ eteƒe Yesu fɔ tso ame kukuwo dome, eye wòhe woƒe susu yi Ŋɔŋlɔa me nya siwo wonya nyuie dzi, siwo nye nya siwo va eme le Yesu ƒe tsitretsitsia me.—Dɔw. 13:29-37.

5. (a) Aleke Paulo trɔ asi le eƒe ɖaseɖimɔnu ŋui esime wònɔ nuƒo ƒom na Helatɔwo? (b) Aleke míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne míele ɖase ɖim le míaƒe anyigbamama me?

5 Gake esi Paulo nɔ nu ƒom na Helatɔwo le Areopago la le Atene la, ezã ɖaseɖimɔnu bubu. (Dɔw. 17:22-31) Ke hã, gbedasi vevi ma ke ko wògagblɔ, eye le teƒe evea siaa la, kutsetse nyuiwo do tso eƒe agbagbadzedzeawo me. (Dɔw. 13:42, 43; 17:34) Nenema kee egbea la, míawo hã míate ŋu aɖo amewo ƒe dzi gbɔ nyuie wu le míaƒe subɔsubɔdɔa me ne míedina nya si dzi mía kple míaƒe nyaselawo míalɔ̃ ɖo, eye ne míetrɔna asi le míaƒe ɖaseɖimɔnuwo ŋu wosɔna ɖe woƒe nɔnɔme kple alesi wobua nu ŋui nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe