Miɖe Gbeƒã Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe
1 Hakpalaa gblɔ be: ‘Mi anyigba dzi tɔwo katã, midzi ha na Yehowa! Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!’ Ne míede ŋugble le nusiwo Yehowa wɔ na mí, nusiwo wɔm wòle na mí, kple nusiwo wòava wɔ na mí ŋu la, míaƒe dzi ʋãa mí be míaɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe!—Ps. 96:1, 3.
2 Le Ðaseɖiɖidɔa Me: Enye mɔnukpɔkpɔ na Yehowa Ðasefowo be Mawu ƒe ŋkɔ le wo ŋu, eye be woaɖe gbeƒãe na amewo le xexeame katã. (Mal. 1:11) Aleke gbegbe woto vovo na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo, amesiwo ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa dadatɔe le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me enye esi! Ehiã kpata be woana amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔ, elabena ele be amewo naɖe ŋkɔ ma dzixɔxɔse afia hafi woate ŋu akpɔ ɖeɖe tso xaxa gã si gbɔna me. (Rom. 10:13-15) Gawu la, ne wokɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti ko hafi ŋutifafa ate ŋu ava xexeame katã. Nyateƒee, Mawu wɔa eƒe nuwo katã le eƒe ŋkɔa ta.
3 “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ.” Gake, hafi amewo ‘natsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ’ la, ele be woanya nyateƒenya si ku ɖe eyama ŋu. (Ps. 96:4, 8) Gake ame aɖewo gblɔna be Mawu meli o. (Ps. 14:1) Bubuwo hã gblɔna be ŋusẽ mele esi o, alo be metsɔ ɖeke le ameƒomea ƒe nyawo me o. Eyata ne míekpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be mía Wɔla ŋuti sidzedze vavãtɔ su wo si, eye wonya eƒe tameɖoɖowo kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo la, ke míele ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa.
4 Le Míaƒe Agbenɔnɔ Me: Ne míenɔa agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la, edea bubu eŋu. Amewo léa ŋku ɖe míaƒe agbenyuinɔnɔ ŋu. (Pet. I, 2:12) Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe dzedzeme kple awudodo da sɔ nyuie la, ate ŋu aʋã amewo woaƒo nu nyui le mía ŋu, eye ana mɔnukpɔkpɔ mí be míaƒo nu tso viɖe siwo dona tsoa agbenɔnɔ ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me nu la ŋuti na wo. (Tim. I, 2:9, 10) Edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne amewo ‘kpɔ míaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye wokafu mía Fofo, si le dziƒo’ la!—Mat. 5:16.
5 Mina míatsɔ míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo akafu mía Mawu gã la gbesiagbe, wòanye alesi wokpe mí dzidzɔtɔe be, “Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe!” la dzi wɔwɔ.—Ps. 96:2.