INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/06 axa 8
  • Fia Ame Fafawo be Woazɔ Mawu ƒe Mɔ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Ame Fafawo be Woazɔ Mawu ƒe Mɔ Dzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míakpe Ðe Amewo Ŋu Be Woawɔ Ðe Kristo Ƒe Sededea Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • ‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kpɔ Wò Nufiafia Dzi Nyuie Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 3/06 axa 8

Fia Ame Fafawo be Woazɔ Mawu ƒe Mɔ Dzi

1. Nukae nusrɔ̃lawo wɔwɔ lɔ ɖe eme?

1 Woƒo nu tso Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu be wonye amesiwo nɔ ‘Mɔ la’ dzi. (Dɔw. 9:2) Kristotɔnyenye vavãtɔ lɔ ame ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe eme. (Lod. 3:5, 6) Eyata ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple amewo la, ehiã be míawɔ nu geɖe wu Biblia me sidzedze vavãtɔa fiafia wo ko. Ele be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòazɔ Yehowa ƒe mɔ dzi.—Ps. 25:8, 9.

2. Nukae ate ŋu aʋã Biblia-nusrɔ̃vi be wòawɔ Mawu ƒe sededewo dzi?

2 Lɔlɔ̃ na Yehowa Kple Yesu: Esesẽna na amegbetɔ madeblibowo be woana woƒe tamebubu, nuwɔna, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Rom. 7:21-23; Ef. 4:22-24) Ke hã lɔlɔ̃ na Mawu kple Via ʋãa ame fafawo be woawɔ Mawu ƒe sededewo dzi. (Yoh. 14:15; Yoh. I, 5:3) Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woatu lɔlɔ̃ sia ɖo?

3. Aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woatu lɔlɔ̃ na Yehowa kple Yesu ɖo?

3 Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòanya amesi ƒomevi Yehowa nye. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Amewo mate ŋu alɔ̃ amesi womedze si o, eyata tso nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze ke la, mefiaa Mawu ƒe ŋkɔ wo tso Biblia me, eye media mɔnukpɔkpɔwo be mate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzi.” Gbetete ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu dzi nye mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ esia. (Yoh. 1:14; 14:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, zã numetotoɖaka si le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu, le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me, nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be eya hã naɖe Mawu kple Via ƒe nɔnɔme nyuiwo afia.

4. (a) Nukatae gbeƒãɖeɖe na amewo sesẽna na nusrɔ̃vi geɖewo? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu ne wodze gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me?

4 Fia Nu to Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me: Esi míenye nufialawo kple mɔfialawo ta la, míetoa míaƒe nuwɔnawo dzi fiaa nusi zɔzɔ le Mawu ƒe mɔ dzi nye la amewo. (Kor. I, 11:1) Le kpɔɖeŋu me, esesẽna na Biblia-nusrɔ̃vi geɖe be woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amedzrowo. Eyata abia dzigbɔɖi kple aɖaŋudzedze be míakpe ɖe wo ŋu woatu lɔlɔ̃, xɔse, kple dzideƒo si hiã be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ɖo. (Kor. II, 4:13; Tes. I, 2:2) Míaƒe didi be míafia mɔ míaƒe nusrɔ̃viwo aʋã mí be míayi gbeadzi kpli wo ne wodze gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.

5. Aleke míaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo kpena ɖe nusrɔ̃viwo ŋu wokpɔa nusi Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ lɔ ɖe eme la dzea sii?

5 Wò kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ate ŋu afia nu wò nusrɔ̃viwo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi bubuwo hã me. Woate ŋu akpɔ wò lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋutɔŋutɔ ne èyi ɖasrãa dɔnɔwo kpɔ alo nèdoa gbe na amewo vividoɖeameŋutɔe le hamea ƒe kpekpewo me. (Yoh. 15:12) Ne èkpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me alo nènaa kpekpeɖeŋu amewo la, alesi woasubɔ ame bubuwoe nye ema fiam nèle wo. (Yoh. 13:12-15) Ne wokpɔe be ènɔa agbe kpokploe la, ana woase nusi wòfia be ‘woayi edzi adi mawufiaɖuƒe la gbãgbiagbã’ gɔme.—Mat. 6:33.

6. Dzidzɔ kae dona tsoa kpekpe ɖe amewo ŋu be woasubɔ Yehowa me?

6 Mawu ƒe Nya fiafia amewo kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa bia kutrikuku geɖe. Gake dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye ne èkpɔ wò nusrɔ̃viwo woyi edzi le ‘zɔzɔm le nyateƒea me’!—Yoh. III, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe