Tu Numame Nyuiwo Ðo, Be Nàxɔ Yayra Gbagowo
1. Nukatae wòaɖe vi be nàgbugbɔ ŋku alé ɖe wò gbɔgbɔmenumamewo ŋu?
1 Esime nèva zu Kristotɔ teti la, anɔ eme be èdzea agbagba vevie be yeatu gbɔgbɔmenumame nyui aɖewo siwo dome Biblia sɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, gbeadzisubɔsubɔdɔa, kple gbedodoɖa hã le ɖo. Eye Yehowa ƒe yayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi na nètsi le gbɔgbɔ me. Ðewohĩ ƒe geɖe enye esia si va yi tso esime nèxɔ nyɔnyrɔ. Ðe nèkpɔtɔ lé gbɔgbɔmenumame nyui siwo nètu ɖo esime nèva dze Kristotɔwo ƒe mɔa zɔzɔ gɔme la me ɖe asia?
2. Aleke Biblia xexlẽ gbesiagbe ɖea vi na míi?
2 Gbugbɔ Dzro Wò Gbɔgbɔmenumamewo Me: Ðe wònye numame na wò be nàxlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbea? Yayra kawo gbegbee nye esi míekpɔna tso ewɔwɔ alea me! (Yos. 1:8; Ps. 1:2, 3) Wobia tso blema Israel-fia ɖesiaɖe si be wòaxlẽ Mose ƒe Sea, si wòna wogbugbɔŋlɔ nɛ, “le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.” Viɖe kae ado tso eme nɛ? Esia akpe ɖe eŋu be wòabɔbɔ eɖokui le dzime ahasrɔ̃ alesi wòavɔ̃ Yehowae, si ana be matra ɖa tso Eƒe seawo gbɔ o. (Mose V, 17:18-20) Nenema ke egbea hã, Biblia xexlẽ gbesiagbe kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anye mokaka manɔŋutɔwo kple ame maɖifɔwo le xexe vɔ̃ɖi gblẽku sia me. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míanɔ dzadzraɖoɖi bliboe na míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ.—Fil. 2:15; Tim. II, 3:17.
3. Yayra kawoe míekpɔna le kpekpeawo dede edziedzi me?
3 Enye numame na Yesu be wòanɔ ƒuƒoƒe, afisi wodzroa Ŋɔŋlɔawo me le, la yim. (Luka 4:16) Ðikeke mele eme o be, esia do ŋusẽe be wòte ŋu kpe akɔ kple tetekpɔ siwo wòva do goe. Gbɔgbɔmenufiame siwo míexɔna le hamea ƒe kpekpewo me kple akɔfafa kpakple dzideƒo siwo míekpɔna tsoa mía nɔewo gbɔ la, doa ŋusẽ míawo hã. (Rom. 1:12) Ƒuƒoƒo ɖekae kple mía nɔviwo kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me le nuwuɣi siawo me. (Heb. 10:24, 25) Ðe wògakpɔtɔ nye numame na wò be nèdea kpekpeawo katã?
4. Aleke gome kpɔkpɔ le gbeadzi subɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa ɖea vi na míi?
4 Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be apostoloawo kpɔa gome le ‘nyanyuigbɔgblɔ fia le mawuxɔ me kple tso aƒeme yi aƒeme gbesiagbe’ me. (Dɔw. 5:42) Ne ɖewohĩ míate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me gbesiagbe o la, ɖe míate ŋu aɖoe wòazu numame na mí be míanɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe me kwasiɖa ɖesiaɖea? Ne míewɔnɛ alea la, míava bi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã me geɖe wu, eye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo ava su mía si le Biblia me nyateƒea fiafia amewo me.
5. Nukatae wòle vevie be míado gbe ɖa na Yehowa edziedzi?
5 Woyra nyagblɔɖila Daniel geɖe ŋutɔ le esi wòyi edzi subɔ Yehowa ‘atraɖii’ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me ta. Nusiwo zu numame nɛ dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa na Yehowa edziedzi. (Dan. 6:11, 17, 21) Nenema kee, Yehowa ayra míawo hã ne míedoa gbe ɖa nɛ tso dzi blibo me edziedzi. (Luka 11:9-13) Gawu la, Yehowa aɖo to míaƒe gbedodoɖawo, ate ɖe mía ŋu eye wòana mɔnukpɔkpɔ mí be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple ye. (Ps. 25:14; Yak. 4:8) Teƒeɖoɖo gã kae nye si! Eyata mina míayi edzi aku kutri alé míaƒe gbɔgbɔmenumamewo me ɖe asi eye míaxɔ yayra gbagowo tso Yehowa gbɔ.