Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 1
“Nugbagbeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoaɖe dɔléle ɖa keŋkeŋ eye be yewoana míaƒe agbenɔƒewo nadzi ɖe edzi. Ðe nèbu be anya wɔ be míava nɔ agbe tegbee mlɔeba? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] De dzesi nusitae míedina be míanɔ agbe didi ɖo. [Xlẽ Nyagblɔla 3:11.] Magazine sia ɖe nusita Mawu wɔ mí hede agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi mía me la me.”
Awake! Oct.
“Amesiame kloe kpɔa dzidzɔ ɖe television kpɔkpɔ ŋu. Gake ɖe nèbu be ehiã be míatia nusiwo míekpɔna mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Lododowo 13:20.] Magazine sia ƒo nu tso alesi gbegbe television kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii ŋu, eye wòɖo aɖaŋu le alesi míate ŋu ada asɔ le ekpɔkpɔ me ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Oct. 15
“Esi wònye be dziƒoe Mawu le ta la, ame geɖe gblɔna be manya wɔ be woanyae o. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yohanes 17:3.] Magazine sia gblɔ alesi míawɔ anya Mawu nyuie la na mí.”
Awake! Oct.
“Ame veviwo ku na mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔ, alo? Èsusu be nane li míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu le ku mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Àkpɔ Biblia me ŋuɖoɖo na nyabiase sia le nyati sia me. Edzro mɔkpɔkpɔ fakɔname sia hã me.” Xlẽ Yohanes 5:28, 29. Emegbe he eƒe susu yi nyati si le axa 10 lia dzi.