Mí Katã Míate Ŋu Akpɔ Gome Le Nusrɔ̃la Yeyewo Wɔwɔ Me
1 Menye ame ɖeka ko ƒe agbagbadzedzewo dzie míetona wɔa nusrɔ̃la yeyewo o. Yehowa ate ŋu azã eƒe “hadɔwɔlawo” katã atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. (Kor. I, 3:6-9) Menye mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nyaŋuɖoɖo tso dzi me le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me dzi koe míetona kpena ɖe ame yeyewo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me o, ke míetoa míaƒe agbenyuinɔnɔ, si nyea kpeɖodzi sẽŋu be Mawu ƒe gbɔgbɔa le dɔ wɔm le míaƒe agbe me, hã dzi kpena ɖe wo ŋu. (Yoh. 13:35; Gal. 5:22, 23; Ef. 4:22, 23) Nu kawo hãe míagate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame yeyewo ŋu?
2 Abe Hame Ene: Mí katã míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia ame siwo katã dze kpekpeawo dede gɔme to ale si míate ɖe wo ŋu ado gbe na wo lɔlɔ̃tɔe ahaɖo dze kpli wo do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpã vɔ megbe dzi. Esi ŋutsu aɖe nɔ ŋugble dem le zi gbãtɔ si wòde kpekpeawo ŋu la, egblɔ be: “Le ŋkeke ɖeka ko me la, medo go ame siwo nyemenya kura o, evɔ wolɔ̃a ame ŋutɔŋutɔ tso dzi me, wu ame siwo medo goe le sɔlemeha si me wonyim le. Edze nam ƒãa be meke ɖe nyateƒea ŋu.” Ŋutsu sia xɔ nyɔnyrɔ ɣleti adre le eƒe kpekpea dede zi gbãtɔ megbe.
3 Kafu Biblia nusrɔ̃via tso dzi me ne ele gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm. Ðe wole tsitre tsim ɖe eŋua? Ðe wòle kpekpeawo dem edziedzia? Ðe dzi nɔa eƒo wòɖoa nya ŋua? Ðe wòŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me alo te gbeadzi dedea? Kafui ɖe ŋgɔyiyi siwo wɔm wòle la ta. Esia wɔwɔ ade dzi ƒo nɛ ahado ŋusẽe.—Lod. 25:11.
4 Abe Biblia Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔla Ene: Gbeƒãɖela aɖewo dze agbagba kpe ɖe woƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be wonya hamea me tɔ bubuwo to gbeƒãɖela aɖewo kpɔkplɔ yi nusrɔ̃viawo gbɔ hena nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Mègahe ɖe megbe kura le nusrɔ̃vi yeye aɖe kpekpe kaba be wòava hamea ƒe kpekpewo me o. Ne wòte kpekpeawo dede la, ɖoe be yeaɖee afia nɔvi bubuwo. Ðe wòle agbagba dzem be yeaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ aɖe, abe atamanono ene, ŋua? Ðe ame aɖe le woƒe aƒea me si le tsitre tsim ɖe eƒe nusɔsrɔ̃ ŋua? Ðewohĩ aɖe vi na nusrɔ̃via ne eɖo dze tso eŋu na gbeƒãɖela aɖe si hã to nɔnɔme ma tɔgbi me kpɔ eye wòte ŋu ɖu edzi.—Pet. I, 5:9.
5 Ame yeyewo hiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ. Mí katã míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi to míaƒe ɖetsɔleme si tso dzi me la ɖeɖe fia wo me.