Dze Kristo La Yome To Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Me
1. Aleke ƒe sia me ƒe takpekpea ƒe tanya do ƒome kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fiae?
1 Biblia la ɖɔ Xexea Me Katã Dziɖulagã, Yehowa, be enye ame si ta gãnyenye. (Ps. 104:1) Ɣeawokatãɣi la, Yesu ƒo nu hewɔ nu le mɔ si de bubu Fofoa ŋu nu, eye wòwɔ nu si sɔ ɖe Fofoa ƒe ɖoɖowo nu hã. (Yoh. 17:4) Mɔnukpɔkpɔ asu mía dometɔ ɖe sia ɖe si be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye míahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa le “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpe siwo míava wɔ la me.
2. Aleke dzadzraɖo ɖe takpekpea ƒe ŋkekeawo katã dede ŋu la dea bubu Yehowa ŋui?
2 Tadedeagu Si Ŋu Bubu Le: Míate ŋu ade bubu Yehowa ŋu to ale si míawɔ ɖoɖo nyuie akpɔ gome le gbɔgbɔmekplɔ̃ si woɖo na mí la me. Nyatakakawo ɖee fia be Fiɖagbe ƒe wɔnawo toa nɔvi geɖe ŋu. Ègblɔe na wò dɔtɔ xoxoa, eye ɖe nèwɔ ɖoɖo ale be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkekeawo katã, si me Fiɖagbe hã lea? Èwɔ ɖoɖo be yeava ɖo takpekpea kaba ale be nàdi teƒe si nànɔ eye nàkpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa siwo woatsɔ aʋu kpekpea nui mea? Èwɔ ɖoɖo ɖe wò ŋdɔnuɖuɖu ŋu, ale be nàte ŋu aɖu nu ɖekae kple nɔviwo le agbadɔa gɔmea? Le ɖoɖowɔɖia ƒe akpa ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze, hafi haƒoƒo nadze egɔme la, ne zimenɔlaa nya kpe mí lɔlɔ̃tɔe be míanɔ anyi ɖe mía nɔƒewo ko la, ele be míatɔ te dze siwo ɖom míele la enumake ayi aɖanɔ anyi hena wɔnawo gɔmedzedze.
3. (a) Aleke toɖoɖo nuƒoawo katã nyuie dea bubu míaƒe tadedeagu ŋui? (b) Ne ɖoɖowɔɖia dze egɔme la, nu kawoe mele be míanɔ wɔwɔm o?
3 Toɖoɖo nyuie esi nuƒoawo le edzi yim hã nyea bubu dede mía Fofo si le dziƒo ŋu. Esi nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe kpɔ takpekpe aɖe si wowɔ le woƒe nutoa me teƒe vɔ la, eŋlɔ bena, awɔ nuku na amewo be woakpɔ kpɔɖeŋu nyui si “takpekpea valawo ɖo le ale si woɖo to nyuie esi wole nuƒoawo ƒom, eye woɖee fia be mawunyasese doa dzidzɔ na yewo ale gbegbe.” Egblɔ hã be, “ewɔ nuku be nàkpɔ ɖevi gbogbo aɖewo . . . , siwo nɔ anyi kpoo henɔ mawunyakpukpui siwo nuƒolawo yɔ la ʋum le woƒe Biblia me.” Ne wole nuƒoawo ƒom la, manyo be míanɔ dze ɖom, anɔ nyatakakawo ɖom ɖe amewo to asitelefon dzi, anɔ nu ɖum, anɔ alɔ̃ dɔm, alo anɔ tsatsam o. Ele be sɔhɛwo nanɔ wo dzilawo gbɔ ale be wo dzilawo nate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ viɖe tso ɖoɖowɔɖia me. (Mose V, 31:12; Lod. 29:15) Nya siawo dzi wɔwɔ ɖenɛ fiana be míedea bubu amewo ŋu eye wòfiana hã be míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam wole mí la ŋu.
4. Nu ka tae wòle be míaƒe dzedzeme nasɔ nyuie le takpekpea me?
4 Dzedzeme Si Sɔ: Ame geɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe ŋkuɖodzinya siwo ŋu woƒo nu tsoe le ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpe ƒe nuƒo si nye “Agbe Nɔnɔ Abe Kristotɔ Ene Ɣeawokatãɣi” me la ŋu ŋutɔ. Nuƒo ma te gbe ɖe ale si wòle be Mawu subɔlawo nadze agbagba aɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia le woƒe awudodo kple dzadzraɖo mee dzi. Le ƒe sia hã me la, mina be míagaɖo ŋku nya mawo dzi ahawɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Awu si tɔgbi míedona la ɖea nu si le míaƒe dzi me fiana. (Mat. 6:21) Míaƒe dzedzeme ɖea seselelãme si le mía si na Yehowa kple mɔnukpɔkpɔ si wònye na mí be míenye eƒe Ðasefowo la fiana. Ɣeawokatãɣi la, ele be míado awu ɖe nɔnɔme nyui me, si aɖee afia be, míenye ame siwo “ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me.”—Tim. I, 2:9, 10.
5. Aleke míate ŋu ana be míaƒe dzedzeme nasɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo le takpedua me?
5 Ne míeyina ɖe takpekpea koe wòle be míado awu ɖe nɔnɔme nyui mea? Mègaŋlɔe be o be ame geɖewo akpɔ mí le takpedua me be míede míaƒe takpekpea ƒe akɔtagbalẽviwo. Ele be míaƒe dzedzeme nato vovo tso ame bubuwo tɔ gbɔ. Eya ta ne míeyina nu ƒle ge gɔ̃ hã le kpakpã vɔ megbe la, ele be míaƒe dzadzraɖo naɖee afia be míenye subɔla siwo va Kristotɔwo ƒe takpekpe le dua me, eye mele be míado nuwo abe jeans, atakpui, alo T-shirt siwo dzi woŋlɔ nu ɖo ene o. Ðe miekpɔe be nya siawo dzi wɔwɔ aɖi ɖase nyui le dua me ŋutɔ oa? Edoa dzidzɔ na Yehowa ne wòkpɔe be míaƒe dzedzeme sɔ nyuie na subɔsubɔdɔ si wòde mía si la.
6. Nu nyui kawoe dona tsoa Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia me?
6 Nu Nyui Siwo Dona Tsoa Eme: Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui ɖeɖe fia le takpekpewo me la ʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖi na mí be míaɖi vomeɖase eye wòwɔa dɔ ɖe ame siwo kpɔ mí la dzi nyuie ŋutɔ. Le takpekpe aɖe wɔwɔ vɔ megbe la, teƒe si nɔviwo haya la dzikpɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míekpɔ amewo ƒe hatsotso aɖe si wɔ nuwo ɖe ɖoɖo nu nyuie alea kpɔ o. Miele abe ale si Mawu di be míanɔ ene.” Nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia na wòdzena ƒãa be míedea bubu mía nɔewo ŋu helɔ̃a mía nɔewo, eye wòhea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa. (Pet. I, 2:12) Eɖea ale si míevɔ̃a Mawui la fiana, eye wòɖea ale si míekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be mía Fofo ye le nu fiam mí ŋu la hã fiana. (Heb. 12:28) Mina míadze agbagba aɖe nɔnɔme nyuiwo afia esi míele mɔ kpɔm na ƒe sia me ƒe “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpea.