“Eyae Naa Lãmesesẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te”
1 Ðeɖi tea mí katã ŋu ɣeaɖewoɣi. Menye dɔ siwo míewɔna la koe nana ɖeɖi tea mía ŋu o, ke kuxi siwo me míetona le ‘ɣeyiɣi vɔ̃, siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la hã wɔnɛ be ɖeɖi tea mía ŋu. (Tim. II, 3:1) Aleke mí Yehowa subɔlawo míawɔ ana ŋusẽ naɖo mía ŋu le gbɔgbɔ me bene míagagbɔdzɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me o? Míete ŋu wɔa esia to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, ame si si “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” le, ŋu me. (Yes. 40:26) Enya míaƒe nuhiahiãwo eye wòdi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu.—Pet. I, 5:7.
2 Mɔ Siwo Dzi Yehowa Tona Kpena Ðe Mía Ŋu: Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi doa ŋusẽ mí, eye gbɔgbɔ sẽŋu sia kee wòzã tsɔ wɔ xexe bliboa katã. Ne ɖeɖi te mía ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu be “ŋusẽ yeye” ɖoa mía ŋu. (Yes. 40:31) Bia ɖokuiwò be, ‘Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si meɖoe koŋ do gbe ɖa bia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽdoame be mate ŋu akpɔ agbanɔamedzi siwo le dzinye abe Kristotɔ ene la gbɔ dzidzedzetɔe?’—Luka 11:11-13.
3 Ne míexlẽa Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gbe sia gbe hedea ŋugble le eŋu, tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmenunyiame siwo míexɔna to míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ edziedzi ŋu la, míanɔ abe “ati” dama aɖe “si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o” la ene.—Ps. 1:2, 3.
4 Yehowa zãa míaƒe haxɔsetɔwo hã, siwo ate ŋu ‘anye akɔfafatsoƒe na mí,’ tsɔ kpena ɖe mía ŋu. (Kol. 4:10, 11) Wodoa ŋusẽ mí le hamea ƒe kpekpewo me to woƒe dzeɖoɖo, nyaŋuɖoɖo, kple nuƒo siwo tua ame ɖo dzi. (Dɔw. 15:32) Vevietɔ Kristotɔ hamemetsitsiwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple dzideƒonamenya siwo tua ame ɖo la mí.—Yes. 32:1, 2.
5 Gbeadzisubɔsubɔdɔ: Ne èkpɔe be nu le ye ŋu tem la, mègadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o! To vovo na dɔ bubuwo wɔwɔ la, gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔ me edziedzi doa ŋusẽ mí boŋ. (Mat. 11:28-30) Nyanyuia gbɔgblɔ na amewo kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea, agbe tegbee nɔnɔ, kple yayra geɖe siwo anɔ eme la ŋu.
6 Dɔ geɖe li wòle be míawɔ hafi woava tsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia. Ehiã godoo be míayi edzi anɔ te sesĩe le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eye ‘ŋusẽ si Mawu tsɔ ke mí’ dzie míenɔa te ɖo wɔa esia. (Pet. I, 4:11) To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, míawɔ dɔ si wòde mía si la ade goe, elabena “eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te.”—Yes. 40:29.