INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/07 axa 1
  • Ðe Nèʋlia Mawu Ƒe Nya La Taa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèʋlia Mawu Ƒe Nya La Taa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Amewo Naxɔ Wò Nyawo Dzi Ase Ne Èle Nu Fiam
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Dzidedeƒo Be Woazã Biblia
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Ale si Nàdzra Ðo ɖe Magazine Nana Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 5/07 axa 1

Ðe Nèʋlia Mawu Ƒe Nya La Taa?

1 Le xexe sia si me amewo medea asixɔxɔ Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu o me la, Kristotɔ vavãwo ya ʋlia Mawu ƒe Nya la ta dzonɔamemetɔe. Esi míexɔe se be ‘Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me ta la,’ míewɔa ɖeka kple Yesu Kristo, ame si gblɔ kakaɖedzitɔe na Yehowa le gbedodoɖa me be, “Wò nya la enye nyateƒe.” (Tim. II, 3:16; Yoh. 17:17) Aleke míate ŋu aʋli Mawu ƒe Nya la ta dzidzedzetɔe?

2 Nya Mawunyakpukpuiwo: Ðikeke mele eme o be Yesu ŋutɔ srɔ̃ Mawu ƒe Nya la memie. Esia wɔe be wòte ŋu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ fia nu le eƒe subɔsubɔdɔa katã me. (Luka 4:16-21; 24:44-46) Aleke míawɔ ate ŋu alé mawunyakpukpui geɖe ɖe tame? Míate ŋu awɔe to Biblia xexlẽ gbe sia gbe kple ŋugbledede le mawunyakpukpui aɖewo siwo míede dzesii be ade dzi ƒo na amewo eye wòaɖe vi ŋutɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu. Ne míele dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu la, ele be míaʋu Biblia axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ, siwo me nya womeŋlɔ o, eye míazã wo le míaƒe nyaŋuɖoɖowo me. Ne míele kpekpea me la, ele be míaʋu míaƒe Biblia akplɔ nuƒola la ɖo le mawunyakpukpui siwo wòyɔ la xexlẽ me. Mawunyakpukpuiwo nyanya kple wo me ɖeɖe nyuie akpe ɖe mía ŋu be míaɖe “nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.”—Tim. II, 2:15.

3 Xlẽ Nyawo Tso Biblia Me Tẽe: Ne míele gbeadzi la, ele be míana Biblia la ŋutɔ naƒo nu to exexlẽ tẽe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔnɔmea aɖe mɔ la, ele be míadze agbagba axlẽ mawunyakpukpui aɖe na aƒemenɔlaa. Ne ebia nya aɖe alo tsi tre ɖe nya aɖe ŋu la, nu nyuitɔ enye be míazã Biblia la atsɔ aɖo nya ŋu nɛ. Ne vovo mele aƒemenɔlaa ŋu o la, ɖewohĩ míate ŋu aƒo nu tso mawunyakpukpui aɖe ŋu ya teti, ne míegblɔ nɛ be, “Hafi madzo la, madi be nàse mawunyakpukpui ɖeka sia me nyawo.” Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, xlẽ mawunyakpukpuia tẽe tso Biblia me, eye nàna wòanɔ edzi kpɔm.

4 Esi woxlẽ mawunyakpukpui aɖe na ŋutsu aɖe si ɖee fia be aʋatsoe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa nye la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eye wògblɔ be, “Mede sɔleme le nye agbe me katã, gake nyemenya kura be Biblia gblɔ nya sia o!” Elɔ̃ enumake be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Yesu gblɔ be yeƒe alẽwo ase yeƒe gbe. (Yoh. 10:16, 27) Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi dzianukwaretɔwo ato ade dzesi nyateƒea enye be woakpɔe be nyawo tso Ŋɔŋlɔawo me tẽe. Eya ta mina míayi edzi anye Mawu ƒe Nya la taʋlilawo!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe